INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 10/1 axa 3
  • Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Aleke Nàdo Gbe Ða Be Mawu Nasee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 10/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NU NYUI AÐE DONA TSO GBEDODOÐA MEA?

Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?

“Tsatsadada dzi ko menɔna. Medo gbe ɖa be maɖu ga gã aɖe. Gake meva eme o.”—Samuel,a si le Kenya.

“Esime menɔ suku la, gbedodoɖa siwo wofia mí míelé ɖe tame la koe míegbugbɔ gblɔna.”—Teresa, si le Philippines.

“Ne medo go kuxiwo la, medoa gbe ɖa. Mebiaa Mawu hã be wòatsɔ nye nu vɔ̃wo akem, eye wòakpe ɖe ŋunye manye Kristotɔ nyui.”—Magdalene, si le Ghana.

1. Ŋutsu aɖe le gbe dom ɖa le tsatsadaƒe; 2. Nyɔnuvi aɖe le gbe dom ɖa le suku; 3. Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa

Samuel, Teresa kple Magdalene ƒe nyawo ɖee fia be susu siwo ta amewo doa gbe ɖa ɖo la le vovovo; ɖewo nye susu vavãwo wu bubuwo. Ame aɖewo doa gbe ɖa tso dzi blibo me, ke ame aɖewo tɔ nyea nyagbɔgblɔ dzro ko. Ke hã ame miliɔn alafa geɖe kpɔe be ehiã be yewoado gbe ɖa. Le kpɔɖeŋu me, wodoa gbe ɖa be yewoakpɔ dzidzedze le sukudodokpɔ me, be yewoƒe bɔlƒoha vevitɔ naɖu dzi, be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu yewoƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo, kple bubuawo. Numekukuwo ɖee fia be ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o gɔ̃ hã doa gbe ɖa edziedzi.

Ke wò ya ɖe, ɖe nèdoa gbe ɖa? Ne èdoa gbe ɖa la, nu ka ŋue nèdoa gbe ɖa le? Èdoa gbe ɖa loo alo mèdoa gbe ɖa o, ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe nu nyui aɖe dona tso gbedodoɖa me vavã? Ðe ame aɖe sea gbedodoɖawoa?’ Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, ɖeko gbedodoɖa naa dzidzeme ame, abe ale si ko nuƒoƒo na aƒemelã si womlã hã naa dzidzeme ame ene. Susu ma tɔgbie le lãmesẽŋutinunyala aɖewo hã si; wogblɔ be gbedodoɖa nye “gbedada ƒe mɔnu bubu aɖe.” Ame aɖewo susuna be kɔnu dzro aɖe koe gbedodoɖa nye, alo ne aɖe vi aɖe gɔ̃ hã la, ɖeko wòana ame ƒe dzi nadze eme. Nyateƒe yea?

Gake Biblia ya ɖee fia be menye dzidzeme koe gbedodoɖa nana o, ke ewɔa nu si de ŋgɔ sãsãsã wu ema. Biblia na míenya hã be ame aɖe sea gbe siwo amewo dona ɖa le mɔ nyuitɔ nu kple le susu nyuitɔ ta. Nyateƒe yea? Na míakpɔ nu si ta míeka ɖe edzi ɖo la ɖa.

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe