INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 4 axa 8
  • Nu Si Tae Biblia Nu Meyi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Tae Biblia Nu Meyi O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Nyawo Nye Gbedeasi Tso Mawu Gbɔ Na Mí
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ŋutinya Aɖe Si Le Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye
    Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 4 axa 8
Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm

NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA​—NU SI TAE ENU MEYI O

Nu Si Tae Biblia Nu Meyi O

Biblia gakpɔtɔ li va de asi na egbea, si wɔe be eƒe ɖe ate ŋu aka asiwò be nàxlẽ. Eye ne ètia Biblia gɔmeɖeɖe nyuitɔ la, àte ŋu aka ɖe edzi be emenyawo de pɛpɛpɛ abe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo ke ene.a Nu siwo ate ŋu ana Biblia nu nayi evɔ wògakpɔtɔ li la ŋuti nya wɔnukuwo li; nu siwo dzi woŋlɔ emenyawo ɖo la nyunyɔna, amewo di vevie be yewoatsrɔ̃e ɖa, eye ame aɖewo dze agbagba vevie be yewoatrɔ eƒe gbedeasia. Gake nu ka gbɔe wòtso be Biblia gakpɔtɔ li? Nu kae na agbalẽ sia le etɔxɛ nenema gbegbe ɖo?

“Meka ɖe edzi azɔ be Biblia si le asinye la nye nunana tso Mawu gbɔ”

Ame siwo srɔ̃a Biblia la dometɔ geɖe ƒo nya ta abe ale si tututu apostolo Paulo ŋlɔe ene be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Woxɔe se be esi Biblia nye Mawu ƒe Nya si le etɔxɛ la tae enu meyi o ɖo, eye woka ɖe edzi be Mawu ŋutɔe kpɔ eta be wògakpɔtɔ li va de asi na egbea. Faizal, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la va tso nya me mlɔeba be yeasrɔ̃ Biblia ale be ye ŋutɔ yeaku nya sia me kpɔ. Nu si ŋu wòke ɖo la wɔ nuku nɛ. Eteƒe medidi o, eva kpɔe dze sii be nufiafia siwo bɔ ɖe Kristodukɔa ƒe xɔsehawo me la dometɔ geɖe mele Biblia me o. Gakpe ɖe eŋu la, esi wòva nya tame si Mawu ɖo ɖe anyigba la ŋu abe ale si wòdze le Eƒe Nya, Biblia, me ene la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.

Egblɔ be: “Meka ɖe edzi azɔ be Biblia si le asinye la nye nunana tso Mawu gbɔ. Nya lae nye be ne Mawu te ŋu wɔ míaƒe xexe gbahoo sia la, ɖe mate ŋu ana agbalẽ aɖe mí ahakpɔ eta be enu mayi oa? Ne ame aɖe gblɔ be Mawu mate ŋu awɔ esia o la, efia be ele gbɔgblɔm be ŋutete ma mele Mawu si o. Ame kae menye be magblɔ be ŋutete ma mele Ŋusẽkatãtɔ la si o?”—Yesaya 40:8.

a Kpɔ nyati si nye “Aleke Nàwɔ Atia Biblia Gɔmeɖeɖe Nyuitɔ?” si dze le magazine sia ƒe tata si nye May 1, 2008, tɔ me.

Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe?

Gbetakpɔxɔ sia me nyati atɔ̃ gbãtɔawo dzro ale si wòdzɔe be Biblia gakpɔtɔ li va de asi na egbea la me. Gake aleke nàwɔ aka ɖe edzi be Biblia nye “Mawu ƒe nya” vavã, ke menye nyakpakpawo kple gliwoe le eme o? (1 Tesalonikatɔwo 2:13) Kpɔ video kpui si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? le www.jw.org/ee. (Àkpɔe le AGBALẼWO > VIDEOWO)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe