Egbea, ame geɖe ‘dzraa nane ɖo,’ alo ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi hedenɛ hamea ƒe nudzɔɖaka si dzi woŋlɔ ɖo be “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” me. (1 Kor. 16:2) Ɣleti sia ɣleti la, hameawo ɖoa nudzɔdzɔ siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Anya wɔ hã be nàɖo wò lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana, Attention Accounts Department, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana alo atsɔe ade habɔbɔa ƒe gadzraɖoƒe siwo gbɔna la tẽe: Watch Tower, Barclays Bank, Accra High Street Branch, Account number 048/2746365 alo Watch Tower, Ghana Commercial Bank, Accra High Street Branch, Account number 1011130008990 alo aɖoe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me. Àte ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo gbɔna la hã ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me:
NUNANA SIWO WOTSƆ KE KEŊKEŊ
Ga siwo wotsɔ toa electronic bank transfer (virement électronique), debit card, credit card (carte de débit), alo mobile money transfer (transfert d’argent mobile) dzi. Anya wɔ be woaɖo ga ɖe alɔdzedɔwɔƒe aɖewo to jw.org alo Internet nyatakakadzraɖoƒe bubu si wofia asii dzi.
Àte ŋu aɖo sikanuwo alo nu xɔasi bubuwo hã ɖa. Ne èɖo nu siawo tɔgbi ɖa la, anyo be nàŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe wo ŋu atsɔ aɖe eme be wonye nunana siwo yetsɔ ke keŋkeŋ.
NUNANA SIWO NUNALAA AGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO
Àte ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana be wòanɔ zazãm hena xexea me katã ƒe dɔa. Gake ne ègahiã gaa la, woagatrɔe ana wò. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, zã adrɛs si dze le memama gbãtɔa me nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Accounts Department alo nàzã kaƒodzesi si gbɔna atsɔ aƒo ka na wo: (030) 2712456.
NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO
Tsɔ kpe ɖe ga kple nu siwo woatsɔ ake keŋkeŋ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:
Insurance (alo Assurance): Àte ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana be eyae woaxe yeƒe insurance-ga na ne yeku.
Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Àte ŋu awɔ ɖoɖo le mia gbɔ gadzraɖoƒewo ƒe sewo nu atsɔ ga si nèdzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe, alo ga si nèda ɖe gadzraɖoƒe si adzi ɖe edzi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo wò dzudzɔxɔledɔmega ade Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana ƒe ŋkɔ me esime nègakpɔtɔ le agbe alo be woaxe ga siawo na habɔbɔ sia le wò ku megbe.
Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Àte ŋu atsɔ ga siawo ana Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana.
Aƒewo, Dɔwɔxɔwo, Kple Anyigbawo: Àte ŋu atsɔ aƒe, dɔwɔxɔ, alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu nèɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nèlee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na wò be nànɔ eme le wò agbenɔɣi. Ne èdi be yeawɔ nunaɖoɖo sia la, ke bia numekɔkɔ tso alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me gbɔ hafi nàwɔe.
Nunaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Esia nye ɖoɖo aɖe si me ame tsɔa eƒe ga, alo ga si wòde dɔ aɖe me alo esi wòdo na dɔwɔƒe aɖe la naa Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe alo esi le eƒe dzikpɔkpɔ te la. Eye le ɖoɖo sia nu la, woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo ame si nunalaa tia la ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunanaa teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔ na nunalaa le ƒe si me wòwɔ nunana ƒe ɖoɖo sia.
Domenyinuwo: Àte ŋu awɔ domenyinumagbalẽ le setɔwo gbɔ be yeƒe nunɔamesi alo ga nazu Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana tɔ le yeƒe ku megbe.
Abe ale si nyagbɔgblɔ “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” ƒe gɔmesese ɖee fia ene la, ehiã be nunalaa nawɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Ne èdi be yeado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi alo nèdi be yeaxɔ numekɔkɔ tso mɔnu vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le afi sia ŋu la, àte ŋu azã adrɛs si le ete atsɔ aŋlɔ agbalẽ na Accounts Department loo alo aƒo ka na wo.
ACCOUNTS DEPARTMENT
Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana
P. O. Box GP 760
Accra
Kaƒodzesi: (030) 2712456
Ne èdi nyatakaka bubuwo la, ke yi jw.org/ee ƒe gɔmedzeƒea eye nàʋu teƒe si woŋlɔ ɖo le ete be, “Dzɔ Nu Hena Xexea Me Katã Ƒe Dɔa,” alo nàƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea.