INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w17 November axa 18-19
  • “Woayra Ame Si Nyoa Dɔme”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Woayra Ame Si Nyoa Dɔme”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Dɔ La Lolo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Woƒe Nu Siwo Gbɔ Edzi La Kpɔ Hiahiã Aɖe Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ale Si Míakpe Asi Ðe Mía Nɔviwo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
w17 November axa 18-19
Hana kplɔ Samuel ɖevi la yi avɔgbadɔa me

“Woayra Ame Si Nyoa Dɔme”

TSO gbe aɖe gbe ke la, vɔsawo wɔa akpa vevi aɖe le subɔsubɔ vavãtɔ me. Tsã la, Israel-viwo tsɔa lãwo saa vɔe, eye Kristotɔwo hã tsɔa ‘kafukafuvɔsawo’ naa Mawu tso ɣeaɖeɣi ke. Ke hã, vɔsa bubu aɖewo gali siwo dzea Mawu ŋu ŋutɔ. (Heb. 13:15, 16) Vɔsa siawo hea dzidzɔ kple yayrawo vanɛ, abe ale si míakpɔe le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me ene.

Mawu subɔla wɔnuteƒe Hana si nɔ anyi le blema la di vevie be yeadzi ŋutsuvi, ke hã etsi ko. Eya ta, edo gbe ɖa na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ be ne ena yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe “ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” (1 Sam. 1:10, 11) Emegbe Hana fɔ fu dzi ŋutsuvi hetsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel. Esi Hana tso no na Samuel la, ekplɔe yi avɔgbadɔa me, abe ale si wòɖe adzɔgbe be yeawɔe ene. Yehowa yra Hana ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa ta. Ena wòdzi vi atɔ̃ bubu, eye Samuel hã va zu nyagblɔɖila kple Biblia ŋlɔlawo dometɔ ɖeka.—1 Sam. 2:21.

Abe ale si wònɔ le Hana kple Samuel gome ene la, mɔnukpɔkpɔ li na Kristotɔ siwo li egbea hã be woatsɔ wo ɖokuiwo ana wo Wɔla la ahasubɔe bliboe. Yesu do ŋugbe be woaɖo nu sia nu si míetsɔ sa vɔe ɖe Yehowa subɔsubɔ ta la teƒe wòagba go.—Marko 10:28-30.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wonya nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Dorkas la nyuie ɖe eƒe “dɔ nyui geɖewo” kple ale si “wònaa nu amewo dɔmenyotɔe” ta—eƒe vɔsa siawo ɖe vi na ame bubuwo. Gake nublanuitɔe la, eva ‘dze dɔ, eye wòku,’ si wɔe be hamea me tɔwo xa nu ŋutɔ. Esi nusrɔ̃lawo se be Petro nɔ nutoa me la, woɖe kuku nɛ be wòava yewo gbɔ kaba. Bu dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi Petro va fɔ Dorkas ɖe tsitre la ŋu kpɔ ko—le Biblia me la, emae nye zi gbãtɔ si apostolo aɖe fɔ ame ɖe tsitre! (Dɔw. 9:36-41) Ɛ̃, Mawu meŋlɔ Dorkas ƒe vɔsawo be o. (Heb. 6:10) Woŋlɔ nu tso ale si wònyo dɔme na amewoe la ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa me be wòanye kpɔɖeŋu nyui na mí míasrɔ̃.

Apostolo Paulo hã nye ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo kple woƒe ɣeyiɣi na faa la ƒe kpɔɖeŋu nyui bubu. Egblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo nɔ Korinto la me be: “Ke nye la, adzɔ dzi nam be mazã nye nuwo katã, eye woazãm bliboe, ɖe mia ta.” (2 Kor. 12:15) Nu siwo me Paulo to na wòkpɔe be ne ame aɖe tsɔ eɖokui na hekpe ɖe ame bubuwo ŋu la, amea ŋutɔ akpɔ dzidzeme, eye vevietɔ wu la, eƒe nu adze Yehowa ŋu eye ayrae hã.—Dɔw. 20:24, 35.

Edze ƒãa be dzi dzɔa Yehowa ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ eye míekpe ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu. Gake ɖe mɔ bubuwo gali siwo dzi míato ado alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa? Ɛ̃! Tsɔ kpe ɖe dɔ siwo lɔlɔ̃ ʋãa mí míewɔna ŋu la, míedea bubu Mawu ŋu to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo hã me. Wotsɔa nudzɔdzɔ siawo doa alɔ xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa, eye esia lɔ asikpekpe ɖe dutanyanyuigblɔlawo kple nɔvi bubu siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ŋu ɖe eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo kee wotsɔ kpɔa dɔwo abe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe kple wo tata, videowo wɔwɔ, kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo kple Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu ene gbɔ. Míate ŋu aka ɖe edzi be “woayra ame si nyoa dɔme.” Gawu la, ne míetsɔ míaƒe nunɔamesi veviwo na Yehowa la, ke efia be míele bubu dem eya amea ŋu.—Lod. 3:9; 22:9.

Ale Si Ame Aɖewo Dzɔa Nu Hena Xexea Me Katã Ƒe Dɔa

Egbea, ame geɖe ‘dzraa nane ɖo,’ alo ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi hedenɛ hamea ƒe nudzɔɖaka si dzi woŋlɔ ɖo be “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” me. (1 Kor. 16:2) Ɣleti sia ɣleti la, hameawo ɖoa nudzɔdzɔ siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me wole me. Anya wɔ hã be nàɖo wò lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe si le miaƒe dukɔa me. Be nànya habɔbɔ si koŋ Yehowa Ðasefowo zãna le miaƒe dukɔa me la, míeɖe kuku bia nu tso eŋu le alɔdzedɔwɔƒea gbɔ. Àte ŋu akpɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe adrɛs le www.jw.org. Mɔnu siwo dzi nàte ŋu ato adzɔ nu aɖo ɖa tẽe la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

NUNANA SIWO WOTSƆ KE KEŊKEŊ

  • Ga siwo wotsɔ toa electronic bank transfer (virement électronique), debit card, credit card (carte de débit), alo mobile money transfer (transfert d’argent mobile) dzi. Anya wɔ be woaɖo ga ɖe alɔdzedɔwɔƒe aɖewo to jw.org alo Internet nyatakakadzraɖoƒe bubu si wofia asii dzi.

  • Àte ŋu aɖo sikanuwo alo nu xɔasi bubuwo hã ɖa. Ŋlɔ lɛta kpui aɖe kpe ɖe nu siawo tɔgbi ŋu atsɔ aɖe eme be wonye nunana siwo yetsɔ ke keŋkeŋ.

NUNANA SIWO NUNALAA AGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

  • Gadzɔdzɔ si ame ate ŋu abia be woagatrɔe ana ye ne yegahiã gaa.

  • Ŋlɔ lɛta kpe ɖe nunanaa ŋu atsɔ aɖee afia be àgate ŋu abia be woatrɔe ana ye.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga kple nunɔamesi siwo woatsɔ ana ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ŋu hã li. Woawoe nye esiwo gbɔna. Mɔnu ka ke ŋu dɔ nàdi be yeawɔ o, míeɖe kuku do ka kple alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me gbã, ale be nànya mɔnu si ŋu dɔ anya wɔ le mia gbɔ. Esi wònye be se ƒe nudidiwo kple adzɔxexe ŋuti sewo to vovo le dukɔ vovovowo me ta la, ele vevie be nàxɔ mɔfiame tso ame siwo nya nu tso adzɔxexe kple senyawo ŋu la gbɔ be nànya mɔnu nyuitɔ si dzi nàto adzɔ nu.

Insurance (alo Assurance): Àte ŋu atia Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe be eyae woaxe yeƒe insurance-ga alo dzudzɔxɔxɔ le dɔ me ƒe ga na ne yeku.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Àte ŋu awɔ ɖoɖo le mia gbɔ gadzraɖoƒewo ƒe sewo nu be ne yemegava li o la, woatsɔ ga si nèdzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe alo esi nèdzra ɖo ɖe zazã le wò dzudzɔxɔxɔ le dɔme megbe ŋu ade Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe ƒe ŋkɔ me.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Àte ŋu atsɔ ga siawo ana Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe be wòanye nunana si yetsɔ ke keŋkeŋ alo nàŋlɔ agbalẽ si te nàde asii be woatsɔ gaa ana habɔbɔa ne yeku.

Aƒewo, Dɔwɔxɔwo, Kple Anyigbawo: Àte ŋu atsɔ aƒe, dɔwɔxɔ, alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe be wòanye nu si ŋu nèɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nèlee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na wò be nànɔ eme le wò agbenɔɣi.

Nunaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Esia nye ɖoɖo aɖe si me ame tsɔa eƒe ga naa Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe. Le ɖoɖo sia me la, woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã. Zi geɖe la woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòwɔ nunana ƒe ɖoɖo sia.

Domenyinuwo: Àte ŋu awɔ domenyinumagbalẽ le setɔwo gbɔ be yeƒe nunɔamesi alo ga nazu Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe tɔ le yeƒe ku megbe, alo nàwɔ agbalẽ ɖe wò nunɔamesi aɖe dzi be wòanye habɔbɔa tɔ esime nèle agbe. Ðoɖo sia ate ŋu ana woaɖe adzɔ si nànɔ xexem dzi akpɔtɔ na wò.

Abe ale si nyagbɔgblɔ “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” ƒe gɔmesese ɖee fia ene la, ehiã be nunalaa nawɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Ne èdi be yeado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi la, wotrɔ asi le agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò. Agbalẽ gbadza sia si le Eŋlisigbe kple Spaingbe me la na numekɔkɔ tso mɔnu siwo dzi nàto adzɔ nu fifia alo ana wò nunɔamesiwo nazu habɔbɔa tɔ le wò ku megbe ŋu. Ðewohĩ menye nyatakaka siwo katã le eme la ŋu dɔe nàte ŋu awɔ le dukɔ si me nèle la me o, le adzɔxexe ŋuti sewo kple dukɔa ƒe se bubuwo ta. Nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒe mɔnu siawo wɔe be ame geɖe te ŋu do alɔ míaƒe subɔsubɔdɔa kple kpekpeɖeŋunadɔwo le xexea me godoo eye wòwɔe be woɖe adzɔ si woxena dzi kpɔtɔ na wo. Ne agbalẽ sia le miaƒe dukɔa me la, àte ŋu adɔe to hame si me nèle ƒe agbalẽŋlɔla dzi.

Ne èdi nyatakaka bubuwo la, ke yi jw.org/ee ƒe gɔmedzeƒea eye nàʋu teƒe si woŋlɔ ɖo le ete be, “Dzɔ Nu Hena Xexea Me Katã Ƒe Dɔa,” alo nàƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe