INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 2 axa 3
  • Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ne Afɔku Aɖe Dzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 2 axa 3
Ðetugbui aɖe le avi fam le dɔme

Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò

NE NUWO le yiyim nyuie la, agbea vivina. Ke ne nɔnɔmeawo wɔe be agbea wu tsɔtsɔ na wò ya ɖe?

Le kpɔɖeŋu me, esi ahom sesẽ aɖe gblẽ Sallya si le Amerika ƒe nunɔamesi akpa gãtɔ dome la, egblɔ be: “Nyemagate ŋu ado dzi o. Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me be eglom azɔ.”

Ke ne wò ame vevi aɖee ku ya ɖe? Janice si le Australia gblɔ be: “Esi vinyeŋutsu eveawo ku la, metɔtɔ ale gbegbe be nyemegava nɔ ta kpɔm na naneke o. Meɖe kuku na Mawu be: ‘Meɖe kuku nyemagate ŋu ado dzi atsɔe o! Na maku kpoo. Nyemedi be maganɔ agbe o.’”

Le Daniel gome la, esi srɔ̃a to ete la, eƒe dzi gbã ale gbegbe. Egblɔ be: “Esi srɔ̃nye gblɔ nam be yewɔ ahasi la, ɖeko wònɔ abe ɖe woƒo hɛ̃ ɖe nye dzi me ene. Mese veve enuenu hena ɣleti geɖe.”

Gbetakpɔxɔ sia aƒo nu tso nu siwo nàwɔ be nàyi edzi anɔ agbe ŋu

  • Ne afɔku aɖe dzɔ

  • Ne wò ame vevi aɖe ku

  • Ne srɔ̃wò wɔ ahasi

  • Ne dɔléle sesẽ aɖe dze dziwò

  • Ne agbea wu tsɔtsɔ na wò

Gake gbã la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne afɔku aɖe dzɔ?

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe