INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/93 axa 1
  • Àte Ŋu Asubɔ Yehowa abe Mɔɖela Enea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Asubɔ Yehowa abe Mɔɖela Enea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nɔviŋutsu Geɖe Wu Hiã Le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 2/93 axa 1

Àte Ŋu Asubɔ Yehowa abe Mɔɖela Enea?

1 Le “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpea me la, nuƒola aɖe bia be: “Àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Àzu mɔɖelaa?” Egblɔ be biabia siawo hiã elabena Harmagedon tu aƒe ŋutɔ, eye esia na gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe.—Kor. I, 7:29a.

2 Ðikeke mele eme o be dɔ sesẽe mɔɖeɖedɔa nye. Ebiana be woaɖu ame ɖokui dzi eye woawɔ ɖoɖowo nyuie. Gake agbagba si míadze le subɔsubɔdɔa me la “menye dzodzro . . . o.” (Kor. I, 15:58) Ðe woate ŋu agblɔ nya ma ke le dɔ bubu siwo míatia be míawɔ eye míazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe wo ŋu la ŋutia? Yehowa-lɔlɔ̃ ʋãa Kristotɔwo be woado vevie nu le eƒe subɔsubɔdɔa me, eye veviedodo Yehowa ƒe subɔsubɔ na ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me.—Yoh. I, 5:3; Nyaɖ. 4:11.

3 Yehowa ƒe subɔla sɔhɛ siwo le suku kɔkɔ nu wum la dometɔ geɖe le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bum vevie. Ema sɔ ŋutɔ. Dɔ bubu kae gale vevie wu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa? (Mat. 6:33) Ele be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia; Yehowa ƒe dɔe esia nye, eye mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be woaƒo ame ɖokui ɖe eme tso esime wonye sɔhɛ!—Mat. 24:14.

4 Ðe mi dzilawo miedea dzi ƒo na mia viwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa? Ðe mia viwo se egɔme kɔte be miedi be woatsɔ woƒe dzi, luʋɔ, tamesusu kple ŋusẽ blibo awɔ dɔ ɖevi siaea? (Mar. 12:30) Gbeƒãɖela sɔhɛ geɖe dzrana ɖo ɖe gbesiagbemɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu to mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si asu wo si le woƒe sukudeɣi la tsɔtsɔ awɔ kpekpeɖeŋumɔɖeɖedɔe me. Míate ŋu aka ɖe edzi be wo ɖokui si wotsɔna na Yehowa alea doa dzidzɔ na eƒe dzi!—Lod. 27:11.

5 Nyateƒee, menye amesiame ƒe nɔnɔmee ɖea mɔ be wòawɔ mɔɖeɖedɔ o. Gake èɖanye srɔ̃tɔ alo tre o, ɖevi alo ame tsitsi o, èbu Yehowa subɔsubɔ abe nyanyuia ƒe subɔla mɔɖela ene ŋu vevie le gbedodoɖa mea? (Kol. 3:23) Srɔ̃tɔ geɖe siwo nye sɔhɛwo le agbagba dzem be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ale be wo dometɔ ɖeka alo wo ame evea siaa nate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa.

6 Ne màte ŋu azu gbesiagbemɔɖela fifia o la, àte ŋu azu kpekpeɖeŋumɔɖelaa? Anye kokoko be gbeƒãɖela geɖe siwo le miaƒe hamea me la le ɖoɖo wɔm ɖe dɔ ma wɔwɔ ŋu le April me. Àte ŋu anɔ wo domea? Togbɔ be Yehowa ƒe subɔla nuteƒewɔlawo katã kpɔa yayra geɖe hã la, yayra bubuwo gasua amesiwo te ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe wu le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me nɔa amesiwo ɖi alẽwo dim la si.—Dɔw. 20:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe