Tu Ðetsɔleme Ðo to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me
1 Gɔmedzenya si nyɔa ɖetsɔleme, nufiamenya kple nyataƒonya si ʋãa ame nɔa nuƒo ɖesiaɖe si ŋu wotrɔ asi le nyuie la me. Gɔmedzenya la hea nyaselawo ƒe susu, gake ne nya la ŋutɔŋutɔ kple nyataƒonyaa mele eme o la, nuƒoa manɔ blibo o. Gɔmeɖose ma ke ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Enyo be míanyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme le yiyi zi gbãtɔ me, gake ele be míayi edzi anɔ ɖetsɔleme gbãtɔ ma tum ɖo to tɔtrɔyi nyuiwo wɔwɔ me.
2 Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Biabia si nana wobua tame ka gbegbee nye si! Mèlɔ̃ ɖe edzi be nyati sia le susu me na ame geɖe egbea oa? Ema tae le nyati si le etame la me la, míeɖo aɖaŋu be nàbia nya sia le sasrãkpɔ gbãtɔa ƒe nuwuwu kple susu be nàɖo eŋu ne ètrɔ yi.
3 Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ŋdi na wò. Esi meva nyitsɔ la, mɔ si Mawu ɖe fukpekpe li ƒe nya la fɔ ɖe te, eye medo ŋugbe be matsɔ eŋu numeɖeɖe vɛ ne metrɔ va. Ame geɖe ƒe susue nye be ne Mawu tsɔa ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ la, ana fukpekpe nu nayi. Ðewohĩ wò hã èsee le ɖokuiwò me nenema kpɔ. [Ðe mɔ aƒemenɔlaa naɖo eŋu.] Biblia la ka ɖe edzi na mí be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã. [Mixlẽ Yohanes I, 4:8.] Susu nyui aɖewo tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li vaseɖe fifia. Woɖe susu mawo dometɔ ɖeka me ɖe Petro II, 3:9. [Mixlẽe.] Wogblɔ susu bubuwo ɖe agbalẽ gbadza sia me.” Ʋu Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe axa 12-14 eye miadzro nya aɖe si adzɔ dzi na amea me.
4 Aƒemenɔla aɖewo adi numeɖeɖe tsitotsito wu, eye ahiã be nàtrɔ ayi zi geɖe hafi ŋuɖoɖoa nadze wo ŋu keŋkeŋ. Míakpɔ ta aɖe si dzi míate ŋu anɔ te ɖo ayi nyatia me dzodzro dzi la le Habɔbɔa ƒe axa 192 ƒe agbalẽ siwo nam míele le February me la dometɔ geɖe me.
5 Ne miele dzeɖoɖoa nu wum la, bia nya bubu eye nàgblɔ na aƒemenɔlaa be adzɔ dzi na ye be yeagadzro nya dodzidzɔname aɖewo me kplii ne yegava. Ame geɖewo adi be yewoanya nusi dzɔna ɖe ame dzi ne eku. Nukata màwɔ ɖoɖo be miadzro nya ma me le ɣeyiɣi si sɔ me o?
6 Ne èna gɔmeɖose vevi etɔ̃ le susu me na wò la, akpe ɖe ŋuwò. Trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Ðewohĩ ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖoɖo ɖi hena Biblia me dzodzro memã aƒemenɔlaa o. Wɔe wòanɔ kpuie. Mèganɔ anyi fũ akpa alo adzro nya geɖe akpa me le gɔmedzedzea me o. Zi geɖe la, woakpɔ ŋudzedze ɖe wò vava ŋu wu ne èƒo nu tso nya ʋee aɖewo ko ŋu le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðe vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ fia. Na aƒemenɔlaa nakpɔe be etsɔ ɖe le me na eyama ŋutɔŋutɔ.
7 Míaƒe taɖodzinu gbãtɔe nye be míaɖo dze tso Ŋɔŋlɔa me kple aƒemenɔlaa. Emegbe la míedi be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ tseku gɔme le agbalẽ aɖe si sɔ, abe Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ene me. Àkpɔ dzidzɔ ma ne ètsɔ dzigbɔɖi tu ɖetsɔleme gbãtɔ ɖo to tɔtrɔyi nyuiwo wɔwɔ me.