Zã Traktwo Tsɔ Ƒo Nu tso Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Ŋui
1 Le July me la, gbeƒãɖela geɖewo azã traktwo atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa mee. Ne míezã traktwo la, gbeƒãɖeɖemɔnu sia ana nya siwo ŋu amewo ade ŋugble le la wo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòaganye gɔmeɖoanyi nyui hena aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze le Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa me.
2 Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? Traktwo kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le dzeɖoɖo gɔme dzedze me. Traktwo nana míete ŋu nyɔa aƒemenɔlawo ƒe susu elabena woƒo nu tso nyati siwo ŋu gɔmesese le siwo lɔ wo ɖe eme la ŋuti.
Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Le míaƒe dzeɖoɖo kple amewo me la, míede dzesii be ame geɖewo tsi dzi ɖe . . . [yɔ nane si dzɔ nyitsɔ laa]. Edze abe vovlom koe xexeame ƒe nɔnɔmewo le ɖe edzi ene. Ame aɖewo gɔ̃ hã biaa wo ɖokui se be ɖe xexe sia akpɔtɔ anɔ anyi hã. Nukae nye wò susu le esia ŋu? [Na aƒemenɔlaa naƒo nu. Wo dometɔ akpa gãtɔ le mɔ kpɔm be nuwo ava nyo.] Mexlẽ dzideƒonamenya aɖewo siwo me medi be míadzro. Ele trakt sia me. [Tsɔ Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la ɖeka na aƒemenɔla la, eye ɖeka nanɔ wò ŋutɔ hã asiwò.] De dzesi alesi Yesu gblɔ ɖi be . . . ” Xlẽ axa 4 alo 5 ƒe memamã aɖe si ƒo nu tso nusi dzɔ nyitsɔ laa si nègblɔ le wò ŋgɔdonya me la ŋuti. Azɔ ƒo nu tso Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ŋu eye ne esɔ la, ʋu Yesu ƒe nyagblɔɖia ŋuti numeɖeɖe bubu siwo dze le ta 111 me la. Kpɔ egbɔ hã be nàbia nya aɖe tso nusi me míagadzro ne ètrɔ va la ŋuti.
3 Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me: Nukae agbenɔnɔ le ŋutifafaxexe yeye me fia na wò? Nusi vaa amewo ƒe susu me zi geɖee nye tɔsisi dzeaniwo kple bali siwo me tomefafa le, eye lã siwo nya kpɔ la le wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me. Ŋutifafaxexeme yeye ƒe mɔkpɔkpɔ la afa akɔ na amesiwo fifi xexeame ƒe nɔnɔmewo nye nuxaxa na la ŋutɔ.
4 Èdzra ɖo be yeana nusi me dzidzeme kple dzidzɔ le la wò aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple amesiwo nèdoa goe le wò aƒeme yi aƒeme dɔa mea?
Ne “Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me” ƒe trakt zãmee nèle la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Èsusu be amewo ate ŋu anɔ ŋutifafa me gbaɖegbe abe alesi wòdze le trakt sia ƒe akpa dzi enea? [Na aƒemenɔla la naɖo eŋu.] Taflatse kpɔ nya siwo wogblɔ le memamã gbãtɔ ƒe nya mamleawo me le axa 2 lia la ɖa. Ebia be: “Gake drɔ̃e alo susu aɖe bubu kpɔ ko wònye be woaxɔe se be nɔnɔme siawo ava nɔ anyigba dzia?’ [Azɔ xlẽ memamã si kplɔe ɖo le trakt la me.] Biblia mee woyɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye ŋu nya mawo tsoe le Petro II, 3:13. Ne wò Biblia le kpuiƒe la, míate ŋu axlẽ Psalmo 104:5, be míase nya geɖe tso anyigba ƒe etsɔ me ŋu.” Alo nàxlẽe le wò Biblia la me tẽ. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, ke trɔ numedzodzroa yi Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 133 mee.
5 Ahiã be míayi edzi anɔ ameawo srãm kpɔ be ‘míade tsi’ nuku siwo míeƒã la. (Kor. I, 3:6, 7) Nyati si le ete la fia alesi míate ŋu adze nusɔsrɔ̃ gɔme le Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa mee le yiyi zi gbãtɔ me loo alo ne míegatrɔ yi amea gbɔ.