Tɔtrɔ Yi be Míanyɔ Amewo ƒe Didi be Woasrɔ̃ Biblia La
1 Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go amewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me siwo kpɔa dzidzɔ ɖe nyanyui la ŋu vie gake vovo menɔa wo ŋu kura be woaƒo nu kpli mí le ɣeyiɣi si me míeyi o. Ðe míedzea agbagba be míatrɔ ayi wo gbɔ ɣebubuɣi be míagblɔ Fiaɖuƒe gbedasia na woa? Alo ɖewohĩ míeɖo dze vivi aɖe kple aƒemenɔla aɖe gake mexɔ agbalẽ aɖeke o. Ðe míetrɔna yia egbɔ be míayi edzi aƒo nu kplii tso nyateƒea ŋua?
2 Ele vevie be míakpe míaƒe anyigbamamã la ɖo tsitotsito eye míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siwo míado goe la gbɔ. Amesiwo xɔ agbalẽ alo magazinewo ɖeɖeko gbɔe míetrɔna yinaa? Ne aleae míewɔnɛ la, míanɔ ɖetsɔlemetɔ aɖewo gblẽm ɖi. Le nyateƒe me la, míadi be míabu ame aɖe be medze be míayi edzi ade dzi ƒo nɛ le gbɔgbɔ me o le esi mexɔ agbalẽ aɖeke ta o. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 14:4.) Ðewohĩ le míaƒe dzodzo megbe la, aƒemenɔla abu tame tso nya si míegblɔ nɛ la ŋu alo wòakpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si míedze srãe kpɔ la ŋuti. Ðewohĩ aɖe nɔnɔme nyui afia ne míegatrɔ yi egbɔ.
3 Ne ètrɔ yi amesi ŋu vovo menɔ o gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Edzɔ dzi nam be míegado go. Esi meva nyitsɔ la, míete ŋu ɖo dze o le esi vovo menɔ ŋuwò o ta. Mekpɔ be vovo menɔa ŋuwò o, eyata nyemanɔ anyi adidi o. Ðewohĩ èdina vevie be ye kple yeƒe lɔlɔ̃tɔwo yewoanɔ ŋutifafa kple lãmesẽ me. Ènya be Mawu do ŋugbe be yeaɖe dɔléle ɖesiaɖe ɖaa? Ðe ema mado dzidzɔ na ame oa? [Na wòaɖo eŋu.] De dzesi nya vevi si wogblɔ le agbalẽ sia si ƒe tanyae nye Happiness—How to Find It ƒe memamã 15 le axa 188.” Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, xlẽ memamã la eye miadzro ŋɔŋlɔ si ƒo nu tso nɔnɔme siwo anɔ xexe yeyea me ŋu la me. Ne aƒemenɔla la ɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
4 Ne ètrɔ yi amesi xɔ trakt gbɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe be:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, èxɔ trakt sia si ƒe tanyae nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me la ɖeka. Ðe wòsesẽ na wò be nàxɔe ase be woate ŋu atsɔ Biblia me nufiafiawo ŋudɔwɔwɔ akpɔ ƒomekuxiwo gbɔea? [Na wòaɖo eŋu.] De dzesi nya si axa 4 ƒe memamã gbãtɔ gblɔ. Mixlẽ mawunyakpukpui eve siwo me nyawo woyɔ la, eye nàbia be: “Aleke gɔmeɖose sia ŋudɔwɔwɔ ana ƒomegbenɔnɔ nanyo wui?” Ne aƒemenɔla la ɖo eŋu vɔ la, midzro aɖaŋu si woɖo na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo le axa 4 kple 5 lia la me. Miate ŋu ayi edzi adzro trakt la ƒe akpa mamlea me eye eyome nàƒo nu tso Making Your Family Life Happy ƒe agbalẽa ŋu.
5 Susu nyui li si tae míaɖe kakaɖedzi afia eye míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siwo míedo goe le gbeƒãɖeɖedɔa me la gbɔ ne ɖetsɔleme vi aɖe koe woɖe fia hã. Ele vevie be míatsɔ ɖe le eme na ame bubuwo, eye wòaʋã mí be míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea. Yehowa ƒe habɔbɔa ta agbalẽ geɖe eye wòna dzeɖonya siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana ame bubuwo natsɔ ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me la mí.—Mat. 5:3.
6 Ne èɖo dze vivi aɖe kple amesi ɖe ɖetsɔleme vi aɖe fia gɔ̃ hã la, mègagbe tɔtrɔ ayi egbɔ be nàtu eƒe ɖetsɔleme ɖo o. Ana nàdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye nàna wòava agbemɔ la dzi. Míede dzi ƒo na amesiame be wòayi edzi akpɔ gome le agbeɖeɖedɔ sia me kple veviedodo.—Tim I, 4:16.