Mawu Ƒe Nya Naa Mɔfiafia
1 “Xexe Si Me Míele Ƒe Kuxiwo Sɔ Gbɔ Ale Gbegbe Evɔ Egbɔkpɔnu Ʋee Aɖewo Koe Li. Dɔ Wua Ame Miliɔn Geɖe Ɣesiaɣi. Atike Vɔ̃ɖiwo Zu Numãme Na Ame Gbogbo Aɖewo. Ƒome Geɖewo Le Gbagbãm. Ƒometɔ Kplikplikpli Gbɔ Dɔdɔ Kple Aƒemenuvlowɔwɔ Nɔa Nyadzɔdzɔwo Me Gbesiagbe. Wole Ði Ƒom Ya Si Míegbɔna Kple Tsi Si Míenona Vivivi. Azɔ Hã Wotsɔ Hlɔ̃dodo Le Fu Wɔm Mía Dometɔ Geɖe.”
2 Emae nye ŋgɔdonya si le agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? me. Eƒe ŋgɔdonya la sɔ egbea wu ɣeyiɣi si me wota agbalẽa ŋutɔ ƒe adre enye esia gɔ̃ hã. Ehiã be amewo nanya be Mawu ƒe Nya la naa mɔfiafia ame hekpɔa kuxi siwo katã le fu ɖem na wo gbɔ. Míadze agbagba le December me akpe ɖe amewo ŋu to New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? nana wo me. Gake agbalẽ nana ame ɖeɖe mefia be alɔ̃ axɔ Mawu ƒe mɔfiafia o. Ele be míatrɔ ayi kple taɖodzinu be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Ne míedze agbagba alea la, míaxɔ kpekpeɖeŋu godoo. (Mat. 28:19, 20) Dzeɖonya aɖewoe nye si míate ŋu azã:
3 Ne èdo go ame tsitsi la, àte ŋu aɖo dze kplii ale:
◼ “Medi be mabia be: Le wò ɖevime ɖe, aleke amewo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu le nutoa me? [Na wòaɖo eŋu.] Mèkpɔ be nuwo trɔ egbea ŋutɔ oa? Nukae nèsusu be eyae na nuwo trɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Le nyateƒe me la, Biblia me nyagblɔɖi aɖee le eme vam. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-5.] Hekpe ɖe alesi Biblia ɖɔ xexeame pɛpɛpɛ abe alesi wòle egbea ene ŋu la, egado ŋugbe be eteƒe madidi o xexeme si nyo wu ava. Esia ta míele dzi dem ƒo na amewo katã be woaxlẽ Biblia. Èkpɔ alesi nyawo me kɔ nyuie le New World Translation Biblia sia si mexlẽ mea?” Ðe eme nɛ be egbegbe Eŋlisigbe mee woŋlɔe ɖo si na Biblia gɔme nya se bɔbɔe wu. Ðe agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? ɖe go eye nàʋu axa 10 si ƒo nu tso nyagblɔɖi bubu si va eme míekpɔ la ŋu. Tsɔ Biblia kple agbalẽa nɛ.
4 Ne ètrɔ yi ame tsitsi si nèna Biblia kple agbalẽ lae gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míelɔ̃ ɖe edzi le dze si míeɖo nyitsɔ me be xexeame trɔ hegblẽ egbea le mɔ geɖe nu wu alesi agbenɔnɔ nɔ le ƒe ʋee siwo va yi ko me. Gake madi be mafia wò be Biblia na mɔkpɔkpɔ mí be xexeme si nyo wu sã la ava. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Esi míenya be Mawu ƒe Nyae nye esia la, ele be wòade dzi ƒo na mí be míadzro nya bubu siwo Biblia gblɔ me.” Ʋu God’s Word ƒe agbalẽa ta 14 eye nàxlẽ memamã 3-4. Gblɔ be yeawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kplii femaxee.
5 Ne èle dze ɖom kple ɖevi la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Medi be mabia nya aɖe wò: Ðevi ko nènye, gake ɖe nèkpɔnɛ be susu aɖe li si tae nàkpɔ mɔ be etsɔme anyoa? Aleke nèkpɔ be etsɔme anɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Dzidzɔtɔe la, susu nyui aɖe li si ta míakpɔ mɔ be etsɔme anyo. [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Esi amewo ƒe nukpɔsusu le Biblia kple emenyawo ŋu to vovo ta la, míeta agbalẽ sia si nye The Bible—God’s Word or Man’s? Se susu siwo wògblɔ be woawo tae wòle be míaxlẽ Biblia la ɖa. [Xlẽ memamã 16-17 le axa 10-11.] Ne míexɔe se be nya si Biblia gblɔ nye nyateƒe ko la, etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le va sua mía si. Ne èdi be yeaxlẽ agbalẽ sia la, adzɔ dzi nam be matsɔ ɖeka na wò.”
6 Ne ètrɔ yi ɖevi si xɔ “God’s Word” ƒe agbalẽa gbɔ la, àte ŋu adze egɔme be:
◼ “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be ègblɔ alesi nètsi dzi ɖe etsɔme ŋui. Ðo ŋku edzi be meyɔ Biblia me kpukpui aɖe na wò si do etsɔ si me dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ anɔ la ƒe ŋugbe. Mawunyakpukpui bubue nye si. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Agbalẽ si mena wò ɖo kpe edzi eme kɔ be Mawu ƒe Nyae Biblia nye, ke menye amegbetɔ tɔ o. Gɔmesese deto aɖewo le nyateƒenya ma ŋu. Se wo ɖa. [Xlẽ memamã 1-2 le axa 184-5.] Ne àlɔ̃ la, adzɔ dzi nam be masrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee.” He susu yi viɖe siwo le New World Translation ŋu dzi eye nàtsɔe nɛ.
7 Ðewohĩ amesi menya afisi wòatrɔ ɖo axɔ mɔfiafia atsɔ anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu o la adi be yease nya sia:
◼ “Kuxi sesẽwo dze ŋgɔ amesiame kloe le agbe sia me. Ame geɖe yia aɖaŋuɖola ƒomevi vovovowo gbɔ hena mɔfiafia. Ame aɖewo biaa kpekpeɖeŋu tso gbɔgbɔ triakɔwo gbɔ. Afikae nèsusu be míate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si aɖe vi na mí ŋutɔŋutɔ la tsoe? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nyateƒenya vevi aɖe si gɔme wòle be mí katã míase.” Xlẽ Yeremya 10:23. Ʋu The Bible—God’s Word or Man’s? axa 187 eye nàxlẽ memamã 9. “Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi woakpɔ míaƒe kuxiwo katã gbɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. Àdi be yeaxlẽea?” Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi.
8 Ne alesi amegbetɔ hiã mɔfiafia ŋue nèƒo nu tsoe le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi ne ètrɔ yi eye nàgblɔ be:
◼ “Esi míedo go zi gbãtɔ la, míelɔ̃ ɖe edzi be míehiã mɔfiafia tso Mawu gbɔ hafi míate ŋu anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu dzidzedzetɔe. Meka ɖe edzi be àdi be yease nya si wogblɔ le nya ma ŋu tsɔ ƒo agbalẽ si megblẽ ɖe gbɔwò tae. [Xlẽ God’s Word ƒe agbalẽa memamã 12-13 le axa 189.] Adzɔ dzi nam be mawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wò femaxee, eye madi be mafia wò alesi míewɔnɛ fifi laa.”
9 Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi esi míele kpekpem ɖe ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa ŋu be woakpɔ asixɔxɔ si le Mawu ƒe Nya la kple eƒe mɔfiafia ŋu le míaƒe agbenɔnɔ me adze sii.—Ps. 119:105.