Mido Ŋusẽ Wo be Woatsi to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me
1 Be míakpe ɖe amesiwo tsɔ ɖe le eme ŋu la, ele vevie be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam wo to tɔtrɔyi wo gbɔ edziedzi me. Ne míeyia wo gbɔ la, akpe ɖe wo ŋu vivivi be woatsi le gbɔgbɔ me. (Kor. I, 3:6-9) Gake hafi viɖe nanɔ míaƒe tɔtrɔyiwo ŋu la, ahiã be míadzra ɖo do ŋgɔ, eye amea ƒe nu nanɔ susu me na mí.
2 Tɔtrɔ Yi Amesiwo Míena Trakt la Gbɔ: Ðewohĩ trakt si nye Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye ye míena zi gbãtɔ si míeyi.
Ne míeƒo nu tso nusiwo me míedzro va yi ŋu kpuie vɔ la, míate ŋu abia nya sia tɔgbe:
◼ “Dziɖuɖu kae ate ŋu ahe tɔtrɔ siawo vɛ? [Na wòaƒo nu.] Ðikeke mele eme o be adzɔ dzi na wò be wò hã nànɔ agbe le nɔnɔme siawo tɔgbe me. Aleke mía ŋutɔwo míawɔ be míase vivi le nɔnɔme siawo me?” Ekema míate ŋu adzro nya si le tanya sue si nye “Alesi Wòate ŋu Ava Emee na Wò” te la me. Alo míate ŋu ahe eƒe susu ayi Agbe Tegbee ƒe agbalẽa, ta 15 lia si gblɔ be “Alesi Nawɔ Anye Mawu ƒe Dziɖuɖua te Nɔla” la dzi. Míate ŋu adzro memamã gbãtɔ kple evelia me ahabia be: “Aleke wòle be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?” Míate ŋu awɔ ɖoɖo be míava ɖo biabia la ŋu eye míadzro nya geɖe me le ta ma me ne míegatrɔ va.
3 Ne míetrɔ yi amesiwo xɔ agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” gbɔ la, míate ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míedzro kuxi gbogbo siwo le ameƒomea dzi kple nusi Mawu do ŋugbe be yeawɔ le wo ŋu la me. Gake nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li eteƒe didi alea gbegbe ɖo? Woɖo eŋu nyuie le agbalẽ gbadza la ƒe akpa 6 lia si míekpɔ la me.” Bia tso aƒemenɔlaa si me be wòatsɔ eya ŋutɔ tɔ vɛ ne anya wɔ. Ne míedzro memamã ʋee aɖewo me vɔ la, míate ŋu abia be: “Nukae wòle be míawɔ be Mawu ƒe ŋugbedodowo naɖe vi na mí?” Míate ŋu ate gbe ɖe edzi be míadzro nya si le akpa 11 lia ƒe tanya si nye “Wole Xexeme Yeyea ƒe Gɔmeɖoanyi Ðom Fifia” te le axa 28-31 la me ne míegatrɔ va.
4 Tɔtrɔ Yi Amesiwo Xɔ Magazine la Gbɔ: Ne ètia nyati tɔxɛ aɖe si do dzidzɔ na aƒemenɔlaa la, gaƒo nu tso nya vevi bubuwo ŋu le nyatia me ne ètrɔ yi, eye nàte gbe ɖe mawunyakpukpui vevi ɖeka kple nya si wogblɔ tsɔ ɖe emee la dzi. Ekema àte ŋu adzro viɖe siwo le magazineawo ŋu la me kplii. Àte aŋu ahe eƒe susu ayi magazine la ƒe tata si agava la dzi ne nyati si ƒo nu tso nya si me dzrom míele ŋu la anɔ eme. Alo míate ŋu ahe eƒe susu ayi Agbe Tegbee ƒe agbalẽa me nya si ku ɖe nyati ma ŋu la dzi eye míawɔ ɖoɖo be míadzro eme ne míegatrɔ va.
5 Ne míetsɔ ɖe le eme na ameawo ŋutɔŋutɔ eye míewɔ tɔtrɔyi nyuiwo veviedodotɔe la, aɖe lɔlɔ̃ si le mía si na amewo kple Yehowa afia. (Yoh. 13:34, 35) Mina míayi edzi awɔ tɔtrɔyi nyuiwo edziedzi be míakpe ɖe amesiwo le míaƒe anyigbamamã me ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me.