INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/94 axa 4
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woasrɔ̃ Nyateƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woasrɔ̃ Nyateƒea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Woasee Ne Míetrɔ Yi O?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Èle Agbalẽ Gbadza Siawo Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 7/94 axa 4

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woasrɔ̃ Nyateƒea

1 Yesu va anyigba dzi va ɖi ɖase le nyateƒea ŋu. Ena hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woanye nufialawo be woaɖe gbeƒã nyateƒea na ame bubuwo. Eka ɖe dzidzedze si woakpɔ le nufiafia ame bubuwo me dzi ale gbegbe be wòyɔ wo be ‘dutoƒonufialawo.’ (Mat. 13:52) Etsɔ wo dometɔ ɖesiaɖe sɔ kple ŋutsu aɖe si si nudzraɖoƒe vavã si me wòɖea nuwo doa go tsonɛ la le. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zãa agbalẽwo tsɔ doa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔe egbea. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ vovovowo le hame geɖe si be woazã atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava zu nusrɔ̃lawo. Aleke míate ŋu azã dɔwɔnu vevi siawoe?

2 Àte ŋu abia nya sia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme si ana nàna “A Secure Future—How You Can Find It” ƒe agbalẽvia:

◼ “Ède ŋugble le nusita kakaɖedzi meli be nuwo nava nyo le etsɔ me togbɔ be amegbetɔ le agbagba ɖesiaɖe dzem hã la ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nusita woƒe agbagbadzedze geɖe do kpo nu.” Xlẽ Psalmo 146:3, 4. Ne èdzro nya siwo le memamã 6 lia me kple aƒemenɔla la vɔ la, àte ŋu abiae be: “Ameka tututue ate ŋu ahe dedienɔnɔ si anɔ anyi ɖaa vɛ na mí?” Le alesi aƒemenɔla ɖo eŋui nu la, àte ŋu adzro nya siwo sɔ le memamã 7 lia me kplii alo àte ŋu awɔ ɖoɖo ava dzro eme kplii emegbe.

3 Mɔ siwo dzi nàto ana “Is There a God Who Cares?” ƒe agbalẽvi la dometɔ ɖekae nye si:

◼ “Ame geɖe bia nya sia si dze le nɔnɔmetata eve siawo te. [Bia nya si le axa 6 kple 7 lia te, eye nana wòaɖo eŋu.] Esi Mawu lɔlɔ̃tɔ made nunyuiwɔwɔ kple nuvɔ̃ɖiwɔwɔ siaa dzi le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me o ta la, nukae nèsusu le eƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe Yesaya 65:21-24 la ŋu?” Ne eƒe ŋuɖoɖo ɖee fia be ekpɔ dzidzɔ ɖe nyaa ŋu la, ke trɔ ɖe memamã 37 lia eye nàɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒe awɔ la me nɛ.

4 Ne èle “There Is Much More to Life!” ƒe agbalẽvia nam la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Agbenɔnɔ va zu nu wɔnublanui kple dɔ sesẽ na ame geɖe. Nukae nèbu be ehiã hafi agbe nanya nɔ? [Na aƒemenɔla nagblɔ eƒe susu.] Biblia gblɔ be Mawu dzra nu nyuiwo ɖo ɖi na mí. Se alesi Nyaɖeɖefia 21:4, 5 gblɔ ɖa.” Gblɔ agbalẽvia ƒe memamã 42 lia me nya veviwo tsɔ yi dzeɖoɖoa dzi ne asɔ.

5 Ne ɖevi gbeƒãɖela le “Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!” ƒe agbalẽ gbadza zãm la, ate ŋu agblɔ be:

◼ “Àdi be yeanɔ agbe le paradisonyigba abe esia ene dzia? [Tsɔ akpa dzi nɔnɔmetata gbãtɔ kple egodotɔ fiae eye nàna wòaƒo nu.] Mía kple nye ƒomea míele mɔ kpɔm be míanɔ afima le nusi Biblia gblɔ le Yohanes 17:3 ta.” Ne èxlẽ mawunyakpukpuia vɔ la, tsɔ agbalẽ gbadza la na amea be wòaxlẽ.

6 Ne èle agbalẽvi alo agbalẽ gbadza bubuwo zãm le wò subɔsubɔdɔa me ɣleti sia la, àte ŋu atrɔ asi le wò ŋgɔdonyawo kple dzeɖonyawo ŋu woasɔ kple aɖaŋu siwo míeɖo va yi la. Ðo ŋku edzi nàna wò nyawo nanɔ kpuie eye nàtsɔ nya nyuiwo kple nya tuameɖowo anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme.

7 Yehowa tsɔ nyateƒea na mí. Ele be míawɔ mɔnukpɔkpɔ si wona mí be míagblɔe na amewo la ŋudɔ, le agbalẽwo nana me kple le míaƒe dzeɖoɖo kple amesiwo míedoa goe siaa me. Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be míenye dutoƒonufialawo wòanye viɖe mavɔ na ame bubuwo.—Mat. 28:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe