INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/94 axa 2
  • Ðeviwo Hiã Kpɔɖeŋu Nyui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðeviwo Hiã Kpɔɖeŋu Nyui
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Sɔhɛwo Ƒe Ŋutetewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tsitsi Wɔnuteƒewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 7/94 axa 2

Ðeviwo Hiã Kpɔɖeŋu Nyui

1 Enyea dzidzɔ na mí be ɖevi siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi siwo ‘kafua Yehowa ƒe ŋkɔ la’ le mía dome. (Ps. 148:12, 13) Wo dometɔ geɖe metsi le ƒe me kura o. Woƒe ŋgɔyiyi ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe hehe si woxɔna tso wo dzilawo kple ame tsitsi bubu siwo le hamea me gbɔ dzi. Gake nusi dzi mele be míaƒe ŋku nadzo le o ye nye dɔ si ɖevi bubuwo, vevietɔ ƒewuivi siwo tsi wu wo alo sɔhɛ siwo yina ame tsitsi zu ge ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔna ɖe wo dzi. Ne èle amesiwo xɔ ƒe siawo ƒe hatsotso me la, ke nya siwo gbɔna la aɖe vi na wò.

2 Ðevi siwo meɖo ƒewuiwo me haɖe o la lɔ̃a ƒewuivi siwo tsi wu wo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. Le dzɔdzɔme nu la, wodina be yewoanɔ abe yewo hati siwo yewo kple wo dome le kplikplikpli siwo ƒe nu nyoa wo ŋu la ene. Wolɔ̃a ɖevi bubu siwo tsi wu wo siwo wɔ abe ɖe sidzedze su wo si eye wole ŋgɔ na wo ene la ƒe nuwɔnawo sɔsrɔ̃. Eyata woate ŋu asrɔ̃ wò nuƒoƒo kple wò agbenɔnɔ kpakple wò ŋudzedzepɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu kple wò gomekpɔkpɔ le hamea ƒe dɔwɔnawo me.

3 Ne ènye ƒewuivi si tsi wu wo la, ke enye mɔnukpɔkpɔ na wò eye wòganye agbanɔamedzi kpekpe hã le dziwò. Fifi laa sia la, anɔ eme be wò kpɔɖeŋu le ŋusẽ kpɔm ɖe wò zɔhɛ siwo nètsi wu la dzi. Bia ɖokuiwò se be, ‘Ŋusẽkpɔɖeamedzi ka ƒomevie nye kpɔɖeŋu nye na ɖeviwo? Ðe veviedodonu dzena le nye nuwɔna me, eye metsria bometsinuwo wɔwɔ kple ‘sɔhɛmenɔnɔ ƒe nudzodzrowoa’? Ðe meɖoa to dzinyelawo, hamemegãwo, kple ame tsitsi bubuwoa?’ (Tim. II, 2:22; Kol. 3:20) Wò nuwɔna kple nyagbɔgblɔ ate ŋu anye nu vevi aɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi bubu siwo léa ŋku ɖe alesi nèwɔa nui ŋu ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi dzi.

4 Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasiae nye hamea ƒe dɔ vevitɔ. Ne èkpɔa gome le eme edziedzi kple dzi faa la, ate ŋu ade dzi ƒo na zɔhɛwòwo be woawo hã nado vevie nu wu. Ne ète ŋu wɔa mɔɖeɖedɔa la, aʋã xɔ̃wòawo be woawo hã nawɔe. Wò nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me kple wò lɔlɔ̃ faa be yeakpe asi ɖe dɔ siwo li woawɔ ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me hã anye kpɔɖeŋu nyui na wo.

5 Togbɔ be Timoteo to eƒe ƒewuiwo me do hafi Paulo ɖo aɖaŋu si gbɔna nɛ hã la, ate ŋu aɖe vi na mi ƒewuiviwo: “Nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.” (Tim. I, 4:12) Ne ètsɔa dzonɔameme wɔa Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa tso dzi blibo me la, ate ŋu atu wò zɔhɛwo kple ɖevi bubu siwo léa ŋku ɖe wò nuwɔnawo ŋu la ɖo eye wòakpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ ava zu gbɔgbɔmemetsitsiwo. (Ef. 4:13) Nusi ƒewuivi siwo le ƒome siwo dze nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme fifia la kpɔna le wò agbenɔnɔ ŋu la ate ŋu ahe wo va nyateƒea mee.

6 Esi le vevie wu kurae nye be wò kutrikuku le mawumenɔnɔmewo ɖeɖefia me la nyea bubu na Yehowa kple eƒe habɔbɔa. (Lod. 27:11) Vovototo gã si le mia kple ɖevi bubu siwo nye xexeametɔwo dome la awɔ nuku na anukwaretɔ siwo léa ŋku ɖe wò agbenɔnɔ ŋu. Eyata mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye na wò be nàkpe ɖe ɖevi siwo nètsi wui la ŋu esime nèle akpa vevi aɖe wɔm le Yehowa kafukafu me.—Ps. 71:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe