INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/94 axa 7
  • Àgate Ŋu Awɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àgate Ŋu Awɔea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèwɔ Gbesiagbe Mɔɖeɖedɔa Kpɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nɔviŋutsu Geɖe Wu Hiã Le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 8/94 axa 7

Àgate Ŋu Awɔea?

1 Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, gbesiagbe mɔɖela 1,565 le Ghana kpɔe be ehiã be yewoadzudzɔ mɔɖeɖedɔa. Èle wo domea? Ne èle wo dome la, ke ɖikeke mele eme o be susu aɖe tae nèɖe asi le mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ɖo. Ðewohĩ enye nusi mènɔ mɔ kpɔm na o eye ewu tsɔtsɔ na wò. Ðe kuxi ma kpɔtɔ lia? Ne lãmesẽ, ganya, alo ƒomegbanɔamedziwoe na nèdzudzɔ la, ɖe wò nɔnɔmeawo ka ɖe emea? Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ nyui aɖewo siwo aɖe mɔ na wò be nàgaxɔ yayra siwo le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa mea? Ðe nèbu eŋu be yeagabia akea? Gbesiagbe mɔɖela 3,368 ye le subɔsubɔm le Ghana-lɔdzedɔwɔƒea te fifia.

2 Abe alesi nènyae ene la, ehiã na ɖoɖo nyui wɔwɔ kple nuŋububu nyuie hafi nàte ŋu anye mɔɖela si akpɔ dzidzedze. Togbɔ be ɣeyiɣi sɔgbɔ menɔa anyi na modzakaɖeɖe o hã la, enuenu la, dzidzeme nɔa mɔɖela ƒe ɖiɖiɖemeɣi kpuia me eye wòɖea vi wu. (Lod. 19:17; Dɔw. 20:35) Ne wò ŋku biã ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, akpɔ tawò tso ɖokuitɔdidi, kple agbe bɔbɔe si xexeame nɔna la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Yehowa do ŋugbe be ne ètsɔa ɖokuiwò nana hetsɔa Fiaɖuƒenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, yeawɔ wò kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me. Dzidzɔ kple dzidzeme vavã asu asiwò godoo ne ètsɔ dzi blibo subɔ Yehowa.—Lod. 10:22; Kol. 3:23, 24.

3 Ðe wòle be míabu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ be ame tɔxɛ ʋee aɖewo koe wòle ʋuʋu ɖi na? Ao. Esi míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbee ta la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nabu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ ŋu vevie, negbe nɔnɔmeawoe maɖe mɔ o.—Mar. 12:30.

4 Ne edze ƒã be wò lãmesẽ kple agba siwo le dziwò le Ŋɔŋlɔawo nu mena mɔ wò be nàwɔ mɔɖeɖedɔa fifia o la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa nya eye ase egɔme. Aɖo wò nuteƒewɔwɔ teƒe na wò le nusiwo me wò nɔnɔmewo ɖe mɔ na wò le la wɔwɔ me. (Kor. I, 4:2; Kor. II, 8:12) Gake ne nɔnɔmea de dziwò vie fifia be nàgawɔ mɔɖeɖedɔa ake la, nukata màte ɖe zimenɔla ŋu abia dɔbiagbalẽe o?

5 Ðe Wò Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua? Ðewohĩ èdzudzɔ le esi wòhiã be nàkpɔ ƒomegbanɔamedziwo gbɔ ta. Ðe ƒomea me tɔ bubuwo ate ŋu akpe asi ɖe ŋuwò fifia si ana mɔ wò be nàgadze mɔɖeɖedɔa gɔmea? Le ame aɖewo gome la, ne wokpe ɖe wo ŋu le agbanɔamedzi aɖewo tsɔtsɔ me la, woagate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa.

6 Ƒomea me tɔ bubuwo ƒe ɖekawɔwɔ nyuie kple kutrikuku vie ate ŋu ana esia nanɔ bɔbɔe. Woate ŋu ana kpekpeɖeŋu le ga alo ʋuɖonyawo gome, kple le ɖoɖowɔwɔ awɔ dɔ kpli wo ɖekae le gbeadzi me. Ðewohĩ mɔ bubu aɖewo anɔ anyi siwo dzi woagate ŋu ana kpekpeɖeŋu le. Ne nɔnɔmewo meɖe mɔ na wò be nàgawɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ ake o la, ɖewohĩ miate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔ bubu si ate ŋu awɔe la ŋu.

7 Nukata ƒomea madzro nya sia me ɖekae o? Anɔ eme be ƒomea me tɔ ɖeka nazu mɔɖela ne miesɔ ɖe eŋu. Ne mɔɖela ɖeka ava kpe ɖe mɔɖela bubuwo ŋu la, asɔ be ƒome bliboa nase le wo ɖokui me be yewole gome kpɔm le eme. Menye Fiaɖuƒe ɖaseɖiɖi koe dɔmenyogbɔgbɔ sia adzi ɖe edzi le anyigbamamãa me o, ke ate ƒomea aƒo ƒui le gbɔgbɔ me hã.—Luka 6:38; Fil. 2:2-4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe