Ðe Nèwɔ Gbesiagbe Mɔɖeɖedɔa Kpɔa?
1. Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ kae su ame geɖewo si, gake nu kae wòva hiã be wo dometɔ aɖewo nawɔ?
1 Ƒe geɖewoe nye esia la, mɔnukpɔkpɔ su ame akpe geɖewo si ‘wonɔa nu fiam henɔa nya nyui la gblɔm’ abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ene. (Dɔw. 5:42) Gake eva hiã be wo dometɔ aɖewo naɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu le susu vovovowo ta. Ne èwɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa kpɔ la, ɖe nègbugbɔ lé ŋku ɖe wò fifi nɔnɔmewo ŋu kpɔ be yeate ŋu agawɔ mɔɖeɖedɔa ake hã?
2. Nu ka tae wòle be ame siwo wɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ la nagbugbɔ alé ŋku ɖe nɔnɔme si me wole fifia la ŋu?
2 Nɔnɔmewo Trɔna: Ðewohĩ fifia la, nɔnɔme si me nènɔ si tae nèɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu la trɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu le esi mète ŋu nɔ gaƒoƒo 90 si wobia ɣleti sia ɣleti ɣemaɣi la gbɔ ɖom o ta la, ɖe nàgate ŋu adze egɔme ake esi woɖe gaƒoƒonudidia dzi va 70 la? Tso esime nèɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu la, ɖe nu si wò dɔwɔɖui bia tso asiwò alo wò ƒomegbanɔamedziwo dzi ɖe kpɔtɔa? Nɔvinyɔnu aɖe si dzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le lãmesẽnyawo ta la te ŋu gadze egɔme ake esi wòxɔ ƒe 89. Esi ƒe ɖeka kple edzivɔ va yi mede kɔdzi o la, ese le eɖokui me be yeƒe lãmesẽa aɖe mɔ na ye yeagawɔ mɔɖeɖedɔa ake!
3. Alekee ƒomea me tɔwo ate ŋu awɔ nu aduadu be woakpe ɖe ƒomea me tɔ aɖe ŋu wòawɔ mɔɖeɖedɔa?
3 Ðewohĩ wò ya mèwɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ o, gake ame aɖe le wò ƒomea me si dzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ale be wòate ŋu akpe asi ɖe ƒomea me tɔ aɖe, abe dzila tsitsi aɖe ene, ŋu. (1 Tim. 5:4, 8) Ne nenemae la, ɖe wò ŋutɔ alo wò ƒomea me tɔ bubuwo miate ŋu awɔ nane atsɔ akpe asi ɖe ame si dzudzɔ mɔɖeɖedɔa ŋua? Ðe manyo be miadzro nya sia me ɖekae oa? (Lod. 15:22) Ne ƒomea me tɔwo dze agbagba kpe asi ɖe ame ɖeka ŋu wòle mɔɖeɖedɔa wɔm la, asɔ be wo katã nase le wo ɖokui me be yewo hã yewole asi kpem ɖe dɔ sia ŋu.
4. Nu kae nàwɔ ne nɔnɔme si me nèle fifia la meɖe mɔ na wò be nàgadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake o?
4 Ne nɔnɔme si me nèle fifia la meɖe mɔ na wò be nàgadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ale si didia le mewò na ewɔwɔ ake ɖeɖe hã dzea Yehowa ŋu. (2 Kor. 8:12) Wɔ aɖaŋu siwo su asiwò le mɔɖeɖedɔ si nèwɔ va yi me la ŋu dɔ le subɔsubɔdɔ si wɔm nèle fifia la me. Do gbe ɖa tso wò didia ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na wò be nàtrɔ asi le wò nɔnɔmeawo ŋu la ŋu. (1 Yoh. 5:14) Ðewohĩ ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa aʋu “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe” na wò, ale be nàgate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ake ahakpɔ dzidzɔ si le eme!—1 Kor. 16:9.