Miyi Edzi Miazɔ Yi Ŋgɔ le Ðoɖo Nu
1 Lɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe nɔ apostolo Paulo si na Filipi-hame si wòɖo la. Ekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe dɔmenyonunanawo le ŋutilã me ŋu eye wògblɔ be wonye kpɔɖeŋu nyui.—Kor. II, 8:1-6.
2 Lɔlɔ̃ detoe ʋã Paulo wòŋlɔ lɛta na Filipitɔwo. Insight-gbalẽa ƒe Babla 2 lia, axa 631 gblɔ be: “Le agbalẽ bliboa me la, ede dzi ƒo na Filipi-hamea be woayi woƒe nunyuiwɔwɔ dzi—woadzi woƒe sidzedze ɖe edzi eye woalé Agbenya la, xɔse like, kple mɔkpɔkpɔ na fetu si gbɔna la me ɖe asi sesĩe.” Wotsɔ dzidzɔ xɔ nya siae, eye wòna lɔlɔ̃ si nɔ wo kple apostolo la dome gasẽ ɖe edzi. Gɔmesese tɔxɛ le Paulo ƒe nyawo ŋu na mí egbea si ta wòle be míade ŋugble le eƒe nuxlɔ̃amea, vevietɔ nya si wògblɔ le Filipitɔwo 3:15-17 la ŋu vevie.
3 Tsitsi le Susu Me Le Vevie: Paulo ŋlɔ nya siwo le Filipitɔwo 3:15 abe amesi kpɔ nuteƒe ƒe geɖe ene. Ekafu Filipitɔwo ƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me, eye wòɖee fia wo be wonye Kristotɔ tsitsi siwo si susu nyui le. Ne wowɔ woƒe susu ŋudɔ tsɔ ɖe ɖokuibɔbɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si Yesu ɖe fia la fia la, woakpɔtɔ anye “ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo . . . [siwo léa] agbenya la ɖe asi.” (Fil. 2:15, 16) Ne míexlẽ Paulo ƒe nya mawo la, ele be míase le mía ɖokui me be ele nu ƒom na mí. Eyata míedi vevie be susu ma ke si nɔ Yesu si la nanɔ mía si eye míakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Míedoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi biaa kpekpeɖeŋu le esia kple nu bubuwo me.—Fil. 4:6, 7.
4 Filipitɔwo 3:16 ɖee fia be ele be mí katã míadze agbagba ayi ŋgɔ. “Ŋgɔyiyi” gɔmee nye be “woayi ŋgɔgbe, woaɖe zɔ ayi ŋgɔ.” Amesiwo yia ŋgɔ la “dia susu kple nu yeye siwo ŋu wogake ɖo, alo mɔnukpɔkpɔ yeyewo.” Paulo di be Filipitɔwo nase egɔme be Kristotɔnyenye metɔ ɖe teƒe ɖeka o eye ele be amesiwo gblɔ be yewole eme la nanɔ ŋgɔ yim. Woƒe ŋgɔyiyi ƒe didi adze le alesi woalɔ̃ faa adzro wo ɖokui me, woadze si woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye woadi mɔnukpɔkpɔ awɔ geɖe wu alo woatrɔ asi le nusi wonɔ wɔwɔm ŋu wòanyo wu la me. Egbea la, Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔ le ŋgɔ yim vivivi le eƒe dɔ kekem ɖe enu eye wòle Mawu ƒe Nya la gɔme sem ɖe edzi. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ akasanu kplii, míawɔ nusiwo nam wòle mí ŋudɔ ahakpɔ gome le eƒe dɔa me bliboe.
5 Ŋgɔyiyi Bia Nuwɔwɔ Ðe Ðoɖo Nu: Paulo yi edzi de dzi ƒo na nɔviawo be “[woazɔ] ɖe mɔ ma ke nu.” (Fil. 3:16) Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu bia be woatsɔ amewo alo nuwo aɖo nɔƒe si sɔ ɖe wo nɔewo nu eye woawɔ nusi dze. Kristotɔ siwo nɔ Filipi la nɔ nɔƒe si sɔ, wonɔ Yehowa ƒe habɔbɔ kple wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Lɔlɔ̃sea dzie wotu woƒe agbenɔnɔ ɖo. (Yoh. 15:17; Fil. 2:1, 2) Paulo ƒoe ɖe wo nu be ‘woazɔ abe alesi wòdze nyanyui la ene.’ (Fil. 1:27) Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple nudzeamewɔwɔ hiã vevie na Kristotɔwo egbea hã.
6 Ðoɖo nye nusi woɖo ɖi si dzi wowɔna ɖo ɣesiaɣi. Eyata edo ƒome kplikplikpli kple kɔnuwɔwɔ. Ðoɖowɔwɔ ate ŋu ade mía dzi elabena mele be míatɔ abu tame le afɔ si míagaɖe ŋuti o—míewɔ ɖoɖo si dzi wɔwɔ mã mí la ɖi xoxo.
7 Mawusosroɖa kple nuwɔna nyui siwo ɖea vi ye le teokrasiɖoɖo me—kple susu be míatu mía ɖokui ɖo le gbɔgbɔ me, míakpe ɖe ame bubuwo ŋu, eye ne anya wɔ la, míawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le taɖodzinu siawo gbɔ ɖoɖo me la bia ɖoɖowɔwɔ si me ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo yiyi ɣesiaɣi, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me le.
8 Nusiwo Hiã le Nuwɔwɔ Ðe Ðoɖo Nu Me: Nu vevi ɖekae nye “sidzedze kple dzimenusese.” (Fil. 1:9) Ðokuisinusɔsrɔ̃ naa míaƒe xɔse dea to wu, edoa ŋuse míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu ɖe edzi, eye wòʋãa mí míewɔa dɔ nyuiwo. Gake esesẽ na ame aɖewo be woasrɔ̃ nu ɖaa. Nusi ame geɖe gblɔna be eya gbɔe wòtsoe nye vovomakpɔmakpɔ.
9 Viɖe le Biblia xexlẽ gbesiagbe me ŋutɔ. Eƒe mɔfiame ‘nyo’ le mɔ sia mɔ nu. (Tim. II, 3:16, 17) Aleke míawɔ akpɔ ɣeyiɣi na Biblia sɔsrɔ̃ le míaƒe gbesiagbedɔwo me? Ame aɖewo kpɔe be yewoate ŋu afɔ kaba vie ŋdi sia ŋdi, esime yewoƒe susu le te. Ame bubuwo kpɔe be edea yewodzi ne yewotsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo xlẽ nu hafi mlɔ anyi le zã me. Srɔ̃nyɔnu siwo nɔa aƒeme le ŋkeke me la ate ŋu aɖo ɣeyiɣi kpui aɖe ɖi le ŋdɔ me axlẽe hafi ame bubuwo nagbɔ tso dɔ me alo suku. Tsɔ kpe ɖe Biblia xexlẽ ɣesiaɣi ŋu la, ame aɖewo xlẽa Proclaimers-gbalẽa hã le woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusrɔ̃ɣiwo.
10 Ðoɖo yeye siwo míawɔ la ate ŋu aʋli kple alesi míewɔa nui tsã la vevie. Ðewohĩ tsã la, míeɖe mɔ be nusiwo mele vevie o xɔ míaƒe ɣeyiɣi. Asiɖeɖe le nɔnɔme sia ŋu mele bɔbɔe o. Ame aɖeke mazi nusɔsrɔ̃ ɖe mía dzi o; eye womebia tso mía si be míabu akɔnta le nusi míewɔna le esia me ŋu hã o. Míaƒe nu sɔsrɔ̃ ɣesiaɣi nɔ te ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ‘nusiwo le vevie wu’ ŋu kple alesi míalɔ̃ faa aƒle “ɣeyiɣi la” be woaɖe vi na mí la dzi vevie.—Fil. 1:10; Ef. 5:16.
11 Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi me eye wònaa mɔfiafia kple dzideƒo si hiã la mí. Eyata kpekpewo dede nye míaƒe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu ƒe akpa vevi bubu. Paulo te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi. Menye nusi ne míelɔ̃ míayi alo míagbe ye wònye o.—Heb. 10:24, 25.
12 Aleke míate ŋu awɔ nu ɖe ɖoɖo nu ne míele ɖoɖo wɔm ɖe kwasiɖaa me dɔwɔnawo ŋui? Ame aɖewo ɖoa ɣeyiɣi tɔxɛ aɖewo na woa ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ eye wotsɔa kpekpedeɣiwo dea ɣeyiɣi siwo susɔ la me, gake ele be kpekpea boŋ nava gbã le ɖoɖoa me. Ele be míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo naxɔ nɔƒe gbãtɔ eye míanɔ te ɖe esia dzi awɔ ɖoɖo ɖe nu bubuwo ŋu.
13 Kpekpewo dede ɣesiaɣi bia ɖoɖo nyui wɔwɔ kple ƒomea me tɔwo ƒe ɖekawɔwɔ. Le kwasiɖaŋkekewo dzi la, dɔ geɖe nɔa mía dometɔ akpa gãtɔ dzi si naa vovo menɔa mía ŋu o. Esia fia be ne anya wɔ la, woawɔ ɖoɖo ɖe fiẽnuɖuɖu ŋu kaba ale be ɣeyiɣi nanɔ anyi be ƒomea naɖu nu, woadzra ɖo, eye woava ɖo kpekpea me hafi wòadze egɔme. Ƒomea me tɔwo ate ŋu akpe asi ɖe esia wɔwɔ ŋu le mɔ vovovowo nu.
14 Gbeadziyiyi edziedzi le vevie ne míayi edzi azɔ yi ŋgɔ le ɖoɖo nu. Mí katã míekpɔe dze sii kɔte be enye míaƒe agbanɔamedzi gã be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia. Esia tae míenye Yehowa Ðasefowo ɖo. (Yes. 43:10) Esi wònye dɔ si hiã kpata si me viɖe le wu wɔm wole egbea ta la, míate ŋu abui le mɔ aɖeke nu be enye nusi míawɔ le ɣeyiɣi aɖewo ko me le míaƒe gbesiagbedɔwo me wòasɔ o. Paulo xlɔ̃ nu be: “Mina míato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam [ɣesiaɣi, NW]; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.”—Heb. 13:15.
15 Ne míele ɖoɖo wɔm ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe dɔwo ŋu la, ele be míaɖo ɣeyiɣi tɔxɛ aɖewo ɖi na gbeadzisubɔsubɔdɔa. Anɔ eme be hamea wɔ ɖoɖo geɖe ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le kwasiɖaa me, eye ɖeko míatso nya me le esiwo míate ŋu ayi ŋu. Anyo be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa, abe magazinewo alo agbalẽ bubuwo tsɔtsɔ wɔ aƒeme yi aƒeme dɔae, tɔtrɔyiwo, kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ ene me. Míate ŋu adzra ɖo do ŋgɔ awɔ vomeɖaseɖiɖi to agbalẽwo tsɔtsɔ kple ŋudzɔnɔnɔ ɖe dzeɖoɖo gɔme dzedze ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu me. Esi míeyia gbeadzi kple ame bubuwo zi geɖe ta la, ehiã be míabia wo anya woƒe ɖoɖo ale be míate ŋu awɔ ɖoɖo si asɔ na mía kple wo siaa.
16 Ele be míayi edzi aɖe gbeƒã ne womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie le anyigbamamãa me o hã. Ele nyanya na mí xoxo be ame ʋee aɖewo koe aɖo to mí. (Mat. 13:15; 24:9) Wode dɔ asi na Xezekiel be wòaɖe gbeƒã na dukɔ ‘dzeaglã, mo kplalatɔwo, kple dzimesesẽtɔwo.’ Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe Xezekiel ŋu ana eƒe “ŋgonu nanɔ kplala abe woƒe ŋgonu ene,” si fia be anɔ “abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha.” (Xez. 2:3, 4; 3:7-9) Eyata gbeadziyiyi edziedzi bia agbagbadzedze.
17 Kpɔɖeŋu Nyui Siwo Míasrɔ̃: Mía dometɔ geɖe dzea agbagba le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ne ame aɖe li axɔ ŋgɔ. Paulo kple eƒe zɔhɛwo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi, eye eƒoe ɖe ame bubuwo nu be woasrɔ̃ ye. (Fil. 3:17) Nu vevi siwo ana wòayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me la katã nɔ eƒe ɖoɖoa me.
18 Kpɔɖeŋu nyui geɖe le mía si egbea hã. Paulo ƒoe ɖe mía nu le Hebritɔwo 13:7 be: “Miɖo ŋku mia nunɔlawo . . . dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” Enye nyateƒe be Kristoe nye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola ya, gake míate ŋu asrɔ̃ amesiwo le ŋgɔ xɔm la ƒe xɔse. Abe Paulo ene la, ele be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ ɖe alesi kpɔɖeŋu nyui si woaɖo na ame bubuwo hiãe ŋu. Togbɔ be hamemegãwo ƒe nɔnɔmewo ato vovo hã la, ele be wo dometɔ ɖesiaɖe naɖee afia be yele nu wɔm ɖe ɖoɖo nu le Fiaɖuƒenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me. Togbɔ be ƒomegbanɔamedziwo le hamemegãwo dzi hã la, ele be woawɔ ɖoɖo nyui ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu. Ne hamemegãwo ɖee fia be yewole ‘yewoƒe aƒemetɔwo dzi kpɔm nyuie’ la, ade dzi ƒo na hamea me tɔwo katã be woayi edzi awɔ nu ɖe ɖoɖo nu.—Tim. I, 3:4, 5.
19 Taɖodzinuwo Ðoɖo le Subɔsubɔƒe Yeyea Me: Subɔsubɔƒe yeye ƒe gɔmedzedze nye mía ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo me gbugbɔdzroɣi nyui aɖe. Nukae míekpɔ le míaƒe dɔwɔwɔ le ƒe si va yi me la me? Ðe míete ŋu wɔ dɔ alesi míewɔnɛ alo míete ŋu wɔe wua? Ðewohĩ míewɔ míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyuie wu. Ðewohĩ míede kpekpewo edziedzi nyuie wu alo míedzi míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzi to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ðewohĩ míate ŋu atɔ asi Kristotɔwo ƒe dɔmenyo tɔxɛ siwo míewɔ na ame bubuwo le míaƒe hamea alo ƒomea me dzi. Ne nenemae la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ be míezɔ le mɔ si dze Mawu ŋu nu, eye míate ŋu ‘ayi edzi geɖe wu.’—Tes. I, 4:1.
20 Ke ne míaƒe ɖoɖo meto mɔ ɖeka o alo míete ŋu wɔ ɖe edzi ɣesiaɣi o ɖe? Aleke wòkpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le gbɔgbɔ mee? Nane ye xe mɔ na míaƒe ŋgɔyiyia? Ŋgɔyiyi dzea egɔme kple Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu biabia. (Fil. 4:6, 13) Dzro wò nuhiahiãwo me kple wò ƒomea nàbia woƒe kpekpeɖeŋu le asitɔtrɔ le wò dɔwo ŋu me. Ne míedze agbagba vevie hewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be “míanye kuviatɔwo kple ame matsekuwo” o.—Pet. II, 1:5-8.
21 Zɔzɔ ɖe ɖoɖo nu hea yayra siwo naa viɖe nɔa míaƒe agbagbadzedzewo ŋu vɛ. Esi miele eɖom kplikpaa be miazɔ ayi ŋgɔ le ɖoɖo nu la, “migawɔ ƒome o. Mixɔ dzo le gbɔgbɔ me. Misubɔ Yehowa.” (Rom. 12:11, NW)—Kpɔ November 1, 1985 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 10-14 hena nya sia me dzodzro ayi ŋgɔe.