Ƒome ƒe Tawo—Milé Gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi Nyui me Ðe Asi
1 Togbɔ be Daniel nɔ Babilon si me yɔ fũ kple trɔ̃subɔsubɔ kpakple nufitifitiwɔwɔ ƒe geɖe hã la, wonyae be esubɔa Yehowa “atraɖii.” (Dan. 6:17, 21) Aleke wòwɔ lé eƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi? Biblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be ɖoɖo si dzi wòzɔna ɖo nɔ esi le eƒe nyateƒe tadedeagu nuwɔnawo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ewɔe wònye eƒe numame be edoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbeɖeka le eƒe dziƒoxɔa me. (Dan. 6:11) Ðikeke mele eme o be ɖoɖowɔɖi nɔ esi na gbɔgbɔ me dɔwɔna bubuwo hã, abe le Sea xexlẽ me ene. Eyata esi Daniel dze ŋgɔ tetekpɔ dovoɖiname aɖe la, medzudzɔ eƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Yehowa o, eye woɖee nukutɔe.—Dan. 6:5-23.
2 Le egbeŋkekeawo me la, nenema ke wòle be míawo hã ‘míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi.’ (Ef. 6:18) Xexe si me míele la ‘le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ me.’ (Yoh. I, 5:19) Tsitretsiɖeŋu alo tetekpɔwo ate ŋu ado mo ɖa kpata si ado míaƒe xɔse kpɔ. Le xaxa gã la me la, Gog si tso Magog adze Mawu subɔlawo dzi vevie le goawo katã me, eye wòadze abe ɖeɖekpɔkpɔ aɖeke manɔ anyi na wo o ene. Esia abia ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe.—Xez. 38:14-16.
3 Ƒe 1998 nutome gã takpekpe ƒe drama si ƒe tanyae “Ƒomewo—Mina Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Nanye Miaƒe Agbemɔ!” ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Nu vevi aɖee nye be woana ƒomea ƒe Biblia xexlẽ, esɔsrɔ̃, kple emedzodzro nyuie nazu woƒe agbemenuwɔna.” Eyi edzi be: “Ne ƒomewo wɔ ɖe ɖoɖo sia dzi edziedzi eye wowɔe ale be Biblia me nyawo zua nu ŋutɔŋutɔ na wo la, Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo sia ate ŋu awɔ dɔ ɖe ƒomea me tɔwo dzi vevie. Ena sidzedze geɖe wu sua mía si. Edoa ŋusẽ míaƒe xɔse. Eye eƒoa nu tso amesiwo ƒe agbenɔnɔ nye kpɔɖeŋu—ŋutsu kple nyɔnu siwo wɔ nuteƒe ŋutɔ le blema—ŋu na mí, amesiwo ate ŋu anye dzideƒo na mí eye woƒe nuwɔna naʋã mí míaku ɖe nyateƒea ŋu.” Esi míele ŋugble dem le gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi ƒe akpa vovovowo ŋu la, ele be ƒome ƒe tawo nadi mɔ ʋɛ siwo nu woate ŋu awɔ woƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔ me ɖoɖowo wòanyo ɖe edzi le.
4 Mixlẽ Mawu ƒe Nya la Gbesiagbe: “Ne Mawu ƒe fiaɖuƒea le dzi ɖum tsitretsiɖeŋula aɖeke manɔmee eye wole eƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene la, ame wɔadãwo—alo lãwo gɔ̃ hã—‘mawɔ vɔ̃ aɖeke loo alo ahe gbegblẽ vɛ o.’ (Yes. 11:9; Mat. 6:9, 10)” Nya mawo dze le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2001 le September 11 ƒe ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me. Aleke gbegbee ŋkuɖodzinya sia faa akɔ na amee nye esi! Abe ƒome ƒe ta ene la, ɖe nèwɔe wònye numame na wò be nèdzroa Biblia me kpukpui aɖe kple eƒe numeɖeɖea me kple wò ƒomea gbesiagbea? Esia ɖea vi ŋutɔ. Ne manya wɔ be miakpe ɖekae le ŋdime o la, ɖewohĩ miate ŋu awɔe emegbe le ŋkekea me. Vifofo aɖe gblɔ be: “Fiẽnuɖuɣi nye ɣeyiɣi nyui aɖe na mí be míatsɔ adzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me.”
5 Ne ɖoɖo nyui le asiwò ɖe ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro gbesiagbe ɖekae ŋu abe ƒome ene la, ke èdze na kafukafu. Ðewohĩ miagate ŋu atu ɖe esia dzi to Biblia ƒe akpa aɖe xexlẽ le ɣeyiɣi ma ke me dzi. Ame aɖewo wɔe wònye numame na wo be woaxlẽ ta si me woɖe ŋkekea ƒe mawunyakpukpui tsoe la katã. Ame aɖewo xlẽa Biblia gbalẽ aɖe si woawo ŋutɔ tia eye woxlẽnɛ trena ɖe enu. Biblia xexlẽ gbesiagbe akpe ɖe wò ƒomea ŋu be woatu vɔvɔ̃ si sɔ, si nye vɔvɔ̃ be womawɔ nusi medzea Yehowa ŋu o ɖo, eye wòana be woƒe didi be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu hã me nasẽ ɖe edzi.—Mose V, 17:18-20.
6 Viɖe geɖe agate ŋu anɔ wò ƒomea ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo kple gbesiagbe mawunyakpukpui me dzodzro me ne àte ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo aƒo nu tso asixɔxɔ si le nyatakakaa ŋu. Subɔsubɔ Suku nusrɔ̃gbalẽa ɖo aɖaŋu sia le axa 60 be: “Miate ŋu atia kpukpui ʋɛ aɖewo tso kwasiɖaa ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia me aɖo dze tso alesi woase wo gɔmee ŋu, eye miabia nya siawo tɔgbe: ‘Mɔfiame kae le esia me na mí? Aleke míazã mawunyakpukpui siawo le gbeadzii? Nukae woɖe fia ku ɖe Yehowa kple alesi wòwɔa nui ŋu, eye aleke ema nana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eyama ŋu gadea toe?’” Gbɔgbɔ me dzeɖoɖo siawo akpe ɖe amesiwo katã le wò ƒomea me ŋu be ‘woadze si nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.’—Ef. 5:17.
7 Ƒome Nusɔsrɔ̃: Ƒome nusɔsrɔ̃a wɔwɔ edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe nye mɔ nyui aɖe si dzi ƒome ƒe tawo aɖee afia wo viwo le be ele be gbɔgbɔmenuwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ. Sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Ðeɖi tea Papa ŋu ne egbɔ tso dɔme ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be alɔ̃ tsɔnɛ vevie, gake míewɔa nusɔsrɔ̃a godoo, eye esia kpe ɖe mía ŋu míese alesi nusɔsrɔ̃a le vevie gɔme.” Ðeviwo hã ate ŋu awɔ woƒe akpa dzi be ɖoɖoa nakpɔ dzidzedze. Ƒome aɖe si me ɖevi asieke nɔ la fɔna fɔŋli ga atɔ̃ hewɔa woƒe ƒome nusɔsrɔ̃a elabena manya wɔ le ɣeyiɣi bubu aɖeke dzi o.
8 Be ƒome nusɔsrɔ̃ nade to la, ele be ƒomea ƒe ta ‘nalé ŋku ɖe eƒe nufiafia la ŋu nyuie.’ (Tim. I, 4:16) Subɔsubɔ Suku nusrɔ̃gbalẽ ƒe axa 32, gblɔ be: “Woate ŋu agblɔe eme nakɔ be ƒomenusɔsrɔ̃ si de edeƒe la dzea egɔme tso ŋkuléle ɖe wò ƒomea ŋutɔ ŋuti dzi. Aleke wò ƒomea me tɔwo le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee? . . . Ne mia kple viwòwo miele gbeadzi la, enyea nusi le bɔbɔe na wo be woaɖe wo ɖokui afia wo hatiwo be Yehowa Ðasefowoe yewonyea? Ðe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si le miaƒe ƒomea me la doa dzidzɔ na woa? Wole Yehowa ƒe mɔ wɔm woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe mɔe vavãa? Ŋkuléle ɖe wo ŋu tsitotsito aɖe nusi wò, amesi nye ƒomea ƒe ta, nàwɔ be gbɔgbɔmemenyenye nali ke ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe me afia wò.”
9 Hame ƒe Kpekpewo: Ele be dzadzraɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu kple wo dede nanye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe akpa vevi aɖe. (Heb. 10:24, 25) Ɣeaɖewoɣi la, ƒome bliboa ate ŋu adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu ɖekae. Le esi teƒe be nàlala wòatsi megbe akpa la, ɖe nàte ŋu aɖoe be yewoadzra ɖo nyuie do ŋgɔa? Ðoɖo si sɔ nyuie alea awɔe be miaƒe dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu ƒe nyonyome kple viɖe siwo miakpɔ tso wo me adzi ɖe edzi.—Lod. 21:5.
10 Nusɔsrɔ̃a ƒe nyonyome kple ewɔwɔ edziedzie nye nu vevitɔ le gbɔgbɔ me ɖoɖowɔɖi si kpɔa dzidzedze me. Ke ne nɔnɔmewo meɖe mɔ na mi be miadzra ɖo ɖe kpekpeawo katã ŋu o ɖe? Subɔsubɔ Suku nusrɔ̃gbalẽa ƒe axa 31 ɖo aɖaŋu sia be: “Nete ɖa xaa tso gbɔwò be nànɔ kplakplakpla dzi ato nusɔsrɔ̃a me ɖewoɖewoe alo, esi vɔ̃ɖi wu la, be esi wònye mète ŋu le ye katã me to ge o ta, mèle ɖeke me to ge kura o. Ke boŋ kpɔe ɖa be agbɔsɔsɔ kae yeate ŋu asrɔ̃ mahã eye nàto ema me nyuie. Nɔ ewɔwɔ dzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Mlɔeba, dze agbagba nàkekee ɖe enu nàdzra ɖo ɖe kpekpe bubuawo hã ŋu.”
11 Ne ƒomewo va ɖo kpekpeawo kaba la, esia kpena ɖe wo ŋu be woƒe susu dzea akɔ anyi be woakafu Yehowa eye woaɖe vi tso nufiame si wònana la me. Ðe esia nye numame na wò ƒomea? Ebia ɖoɖo nyui wɔwɔ kple ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe nuwɔwɔ aduadu. Ne ède dzesii be wò ƒomea nɔa kplakplakpla dzi vevie le nuwo wɔwɔ me le kpekpe ŋkekewo dzi la, ɖe miate ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo le miaƒe dɔwɔnawo ŋua? Ðe miate ŋu awɔ nanewo do ŋgɔa? Ne dɔwo sɔ gbɔ akpa ɖe ƒomea me tɔ aɖe dzi ɖe, ɖe ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe eŋua? Ðe ɖeɖiteameŋua dzi aɖe akpɔtɔ ne amesiame dze mɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na kpekpeawoa? Nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu wɔnɛ be ŋutifafa nɔa ƒomea kple hamea siaa me.—Kor. I, 14:33, 40.
12 Gbeadzisubɔsubɔdɔa: Ɣeyiɣi aɖewo ɖoɖo ɖi koŋ atsɔ awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa nye gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi nyui ƒe akpa bubu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jayson gblɔ be: “Le míaƒe ƒomea me la, míezãa Memleɖa ŋdiwo koŋ na gbeadzisubɔsubɔdɔa. Esia de dzinye ŋutɔ elabena zi alesi meyia gbeadzi la, zi nenemae mekpɔa nu nyui siwo dona tsoa eme eye mesea vivi nɛ.” Ame geɖe siwo wonyi le Ðasefowo ƒe ƒomewo me hã de dzesii nenema be ɣeyiɣi aɖe ɖoɖo ɖi koŋ na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kpena ɖe yewo ŋu yewowɔa ŋgɔyiyi abe Kristotɔ subɔlawo ene.
13 Ðoɖo nyui wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋu be woakpɔ dzidzɔ geɖe le ɣeyiɣi si wozãna ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu me eye wòatse ku geɖe. Aleke woate ŋu awɔ esiae? July 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21 ɖo aɖaŋu sia be: “Ðe miezãa ɣeyiɣi aɖe le miaƒe ƒomenusrɔ̃ɣi ɣeaɖewoɣi tsɔ kpena ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woadzra ɖo ɖe kwasiɖaa me gbeadzisubɔsubɔ ŋua? Ewɔwɔ nenema aɖe vi ale gbegbe. (Timoteo II, 2:15) Ate ŋu ana woase vivi na woƒe subɔsubɔdɔa eye kutsetse geɖe nado tso eme. Ɣeaɖewoɣi la, miate ŋu atsɔ miaƒe nusrɔ̃ɣi bliboa awɔ dzadzraɖo mae. Zi geɖe la, miate ŋu akpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu nya aɖewo gbɔ le numedzodzro kpuiwo wɔwɔ me le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe alo le ɣeyiɣi bubu aɖe me le kwasiɖaa me.” Ðe wò ƒomea te esia wɔwɔ kpɔa?
14 Miyi Edzi Mianɔ Ŋgɔyiyi Wɔm: Le ŋugbledede tso nya sia ŋu me la, ɖe nède dzesi akpa siwo me wò ƒomea le agbagba dzem le nyuiea? Kafu wo ɖe esia ta, eye nàdze agbagba akpe ɖe wo ŋu be woagawɔ geɖe le go mawo me. Ne èkpɔe be ŋgɔyiyi wɔwɔ hiã le go geɖewo me la, ke tia ɖeka alo eve siwo gbɔ nàkpɔ gbã. Ne wova zu miaƒe gbesiagbe gbɔgbɔmeɖoɖowo ƒe akpa aɖe la, ekema gatia ɖeka alo eve siwo ŋu nàgawɔ dɔ le. Nukpɔsusu nyui nènɔ asiwò eye nànye nugɔmesenamela. (Fil. 4:4, 5) Gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi nyui si anɔ wò ƒomea si bia agbagbadzedze, gake eɖea vi geɖe, elabena Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!”—Ps. 50:23.