INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/94 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 8/94 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le May 2 vaseɖe August 22, 1994 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me la ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Watchtower alo Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo aʋatsoe.

1. Mele be woayɔ nya si nye “Sela,” si dze zi gbɔ zi 71 le Psalmo ƒe agbalẽa me ne wole exlẽm o. [si axa 101 mm. 5]

2. Le Psalmo 15:4 ƒe nya nu la, ne Kristotɔ aɖe kpɔe be yedo ŋugbe aɖe si mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o hã la, ele be wòawɔ ɖe edzi kokoko. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 9/15 axa 28-9.]

3. Hiob ƒe agbalẽa ɖo kpe edzi be menye Mawu gbɔe ameƒomea ƒe fukpekpe, dɔléle, kple ku tso o. [si axa 100 mm. 42]

4. Yesu ƒe agbenɔnɔ ɖo kpe edzi be Adam ate ŋu awɔ nuteƒe bliboe hafi ne ɖe wòɖoe be yeawɔe, eye be vodada aɖeke menɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu o. [uw axa 52 mm. 11]

5. Dɔla si ƒe nya wogblɔ le Luka 19:​20-24 be exɔ pounde ɖeka eye wòdzrae ɖo ɖe taku nu la dze agɔ si nye dɔmawɔmawɔ ƒe nuvɔ̃. [gt ta 100]

6. Ne Kristotɔ vavã wɔ dɔ sesĩe eye wòtsɔ eɖokui na Yehowa bliboe la, ate ŋu adze akpɔ agbe mavɔ. [uw axa 36 mm. 13]

7. Anyigba dzi Paradiso si ava le etsɔ me ŋue Korintotɔwo I, 2:9 le nu ƒom le. [uw axa 26 mm. 12 (3); kpɔ w85 9/15 axa 30.]

8. Togbɔ be nuteƒemawɔmawɔ bɔ ɖe xexeame hã la, míate ŋu atsɔe be magblẽ nu le mía ŋu ne míewɔe o. [uw axa 53 mm. 13]

9. Psalmo 49:16 nye tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ la dzixɔse ɖeɖefia. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 3/1 axa 22 mm. 13.]

10. Ɣeaɖewoɣi la, ame bubu si hã gblɔna be Yehowa subɔlae yenye lae able nuwò be nàƒo ɖokuiwò ɖe xexeame ƒe agbenɔnɔ me. [uw axa 43 mm. 11]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:

11. Nukae nye psalmo? [si axa 101 mm. 2]

12. Kakaɖedzi wɔnuku kae Psalmo 27:10 na mí? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92 3/15 axa 22 mm. 17.]

13. Nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ƒe nukpɔsusu gbegblẽ kae Psalmo 10:13 ɖe fia? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w91 11/1 axa 6.]

14. Le Mose II, 9:​15, 16 ƒe nya nu la, nukae va eme le alesi Yehowa wɔ nu kple Farao nu? [uw axa 57 mm. 6, 7]

15. Gblɔ nukpɔsusu eve siwo akpe ɖe mía ŋu be míadzro nusiwo míexlẽna le Biblia me la me be wòaɖe vi na mí. [uw axa 27]

16. Sedede si le Psalmo 2:12 si gblɔ be “migbugbɔ nu na via” la gɔme ɖe? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w86 8/15 axa. 20.]

17. Ablɔɖe ka ŋu nya gblɔm Yesu nɔ le Yohanes 8:32? [uw axa 40 mm. 6]

18. Amekae “nyɔnu la” tsi tre ɖi na le Mose I, 3:15? [uw axa 30 mm. 3]

19. Nukatae Dawid gblɔ na Yehowa le Psalmo 51:6 be “wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo,” esi wònya be yeƒe nuvɔ̃wɔwɔwo nye agɔdzedze le ame havi dzi? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93 3/15 axa 11 mm. 13.]

20. Nukae nye “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nukae wònye egbea? (Mat. 24:15) [gt ta 111]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Le Hiob 40:15 la, edze ƒã be “Behemoth” si woyɔ le Eŋlisigbe me la tsi tre ɖi na ․․․․․․․, eye le Hiob 40:25 la, “Leviathan” si woyɔ le Eŋlisigbe me la sɔ kple ․․․․․․․. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ it-1 axa 280 kple it-2 axa 240.]

22. Wose Yehowa ƒe gbe le Yesu ƒe ․․․․․․․, le eƒe ․․․․․․․ kple le Nisan 10 lia ƒe 33 M.Ŋ. me, esime wòdo gbe ɖa na Fofoa le ․․․․․․․ me le Yerusalem. [gt axa ta 104]

23. Farisitɔwo tsyɔa ․․․․․․․ le aha me elabena mele kɔkɔe le kɔnu nu o, gake woŋea aɖaba ƒua dzɔdzɔenyenye, nublanuikpɔkpɔ, kple nuteƒewɔwɔ dzi, si sɔ kple ․․․․․․․ si hã nye lã makɔmakɔ le kɔnu nu la, mimi. [gt ta 109]

24. Esi Satana to aʋatsokaka dzi kplɔ mía dzila gbãtɔwo de nuvɔ̃ me ta la, Yesu yɔe be “․․․․․․․.” [uw axa 53 mm. 13 (1)]

25. Yesu nye Mawu ƒe ․․․․․․․ elabena eya ɖeka ko Yehowa ŋutɔ wɔ tẽ. [uw axa 29 mm.1]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Abe alesi woŋlɔ̃e ɖe Hiob 42:5 ene la, Hiob kpɔ Mawu le mɔ sia nu be (ekpɔ Mawu le dziya me le ŋutega me; ekpɔ mawudɔla aɖe; eva dzesi Yehowa ɖe edzi nyuie wu). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 8/15 axa 12 mm. 11.]

27. Nyɔnu si ƒe nya Yesu gblɔ le Mateo 26:13 lae nye (Maria, Lazaro nɔvinyɔnu; Maria Klopa srɔ̃; Maria Magdalatɔ la) [gt ta 101]

28. Gɔmeɖoɖoanyi siwo wogbã ƒu anyi abe alesi woŋlɔ̃e ɖe Psalmo 11:3 ene la tsi tre ɖi na (gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ƒe gɔmeɖoɖoanyiwo; Yesu Kristo be eyae nye gɔmeɖoɖoanyia ƒe dzogoedzikpe; gɔmeɖoɖoanyiwo abe dzɔdzɔenyenye, se, kple ɖoɖo ene siwo dzi habɔbɔ nɔa te ɖo). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w86 8/15 axa 20.]

29. Yesu yɔ apostolo siwo nye (Petro kple Andrea; Filipo kple Bartolomeo; Yokobo kple Yohanes) be “Dziɖegbeviwo” le alesi woƒe nya dzi sẽe ta. [gt ta 98]

30. Nya gã si Satana fɔ ɖe te esime wòtɔ gbe gome si le Mawu si be wòaɖu dzi kple alesi Wòɖua dzie la ku ɖe (amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo; amesi si ŋ̀usẽ le wu; Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye) ŋuti. [uw axa 46 mm. 1]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Mose I, 3:​1-5; Ps. 24:1; Dɔw. 8:​32-38; Heb. 10:​26, 27; Pet. I, 4:​3, 4.

31. Ele be enyanya be Yehowae wɔ amegbetɔwo kple xexeame eye be Yehowa tɔe nusianu nye la nakpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui ahaɖo to. [uw axa 39 mm. 4]

32. Ele be míakpɔ nyuie be míaƒo asa na nusianu si míenya be medzea Yehowa ŋu o la wɔwɔ be magava zu numãme na mí o. [uw axa 33 mm. 8 (3) kple 8 (4)]

33. Biblia me sidzedze vavãtɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe gbedasia ŋu ʋãa amesiwo ɖi alẽwo la be woaxɔ nyɔnyrɔ̃. [uw axa 32 mm. 7]

34. Togbɔ be àwɔ dɔ kple dzimaxɔsetɔwo alo ayi suku kpli wo hã la, àtsri hadede siwo katã medze o la kpli wo atsɔ aɖee fia be yemetia wo be woanye zɔhɛwo o. [uw axa 44 mm. 13]

35. Ele vevie be míaƒo asa na xexeame ƒe susu si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi wosusuna be wole nane tem yewo ne yewomate ŋu aɖo yewo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo le agbe me o. [uw axa 46 mm. 1]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe