Tsi Dzi Ðe Magazinewo Ŋu le October Me
1 Nyanyui mavɔ siwo nye akɔfafa kple dzideƒonyawoe le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Dzitsitsi ɖe magazineawo ŋu bia be míadi ɣeyiɣi axlẽ wo nyuie ahabu alesi nyatiawo adzɔ dzi na míaƒe anyigbamamã me tɔwoe ŋu.
2 Nu gbãtɔe nye be nànya nyati siwo ŋu woƒo nu tsoe le eƒe akpa dzi. Zi geɖe la, akpa dzi nɔnɔmetataawo ŋutɔ ana woaxɔ magazineawo. Tia nyati siwo nèbu be woadzɔ dzi na wò anyigbamamã me tɔwo. Ðe ameawo ƒe akpa gãtɔ le subɔsubɔha ɖeka aɖe mea? Nukawo me koŋ wotsɔa ɖe le wu? Ne esiawo le susu me na wò la, ele be nàte ŋu adzra ɖo ɖe dzeɖonya nyui aɖe ŋu. De dzesi nya siwo gbɔna.
3 Ne October 1 ƒe “Gbetakpɔxɔ” namee nèle la, àte ŋu aƒo nu tso nyati si nye “Biblia La—Asixɔxɔ Ka Tututue le Eŋu” la ŋu. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Àte ŋu akpɔ Biblia le aƒe sia aƒe kloe me le míaƒe nutoa me. Ame geɖe siwo si wòle la kpɔe be nu xɔasi aɖe le eme.” Ke àte ŋu abia nyae tẽ abe esia ene be: “Èsusu be nukatae Biblia nye agbalẽ tɔxɛ ɖo?” alo, “Èbu be nukae akpe ɖe ame geɖe wu ŋu be Biblia naɖe vi na wo?” Ne aƒemenɔla la ɖo eŋu vɔ la, àte ŋu agblɔ nya si sɔ abe esia ene atsɔ ayi edzi be: “Kpeɖodzi geɖe li be Biblia la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye mɔfianu si ŋu kakaɖedzi le wònye na mí. Sidzedze si ate ŋu akplɔ mí ayi agbe mavɔ me ye le eme. [Xlẽ Yohones 17:3.] Ame geɖe dea bubu eŋu gake womenya alesi woazãe o. Gbetakpɔxɔ me nyati sia ɖe alesi wò ŋutɔ nàte ŋu azã Biblia atsɔ aɖo wò biabia siwo ku ɖe etsɔ me ŋu la ŋui la me. Madi be magblẽ esia ɖe gbɔwò eye mafia alesi nàwɔ axɔ wo le wò aƒeme edziedzi la hã wò.”
4 Ne September 15 ƒe “Gbetakpɔxɔ” zãmee nèle la, ɖewohĩ àdi be yeagblɔ nya bɔbɔe abe esia ene:
◼ “Amesiame kloe tsɔ ɖe le amewo dome ƒomedodo si le gbegblẽm ɖe edzi la me. Nuteɖeamedzi kple nyaƒoɖeamenu siwo le ŋusẽ kpɔm vevietɔ ɖe ƒomegbenɔnɔ dzi la do fievo. Nyati sia do biabiaa ɖa be, ‘Nukata Nàtsɔe Ake?’ Aleke nèbu be ƒomegbenɔnɔ anɔ ne amesiame tsɔ kena faa? [Na wòaɖo eŋu.] Ne èdi be yeanya alesi Biblia ɖo biabia ma ŋui la, ke adzɔ dzi nam be matsɔ magazine sia ana wò.” Trakt si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me nenɔ dodonu na wò be nàtsɔe na aƒemenɔla la ne edi nyati si ƒo nu tso nya la ŋu tẽ.
5 September 8 ƒe “Nyɔ!” dzro Mawuɖekaetɔ̃nufiafia si nye susu vevi siwo ta Moslemtɔwo kple Yudatɔwo ɖe wo ɖokui ɖa le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ŋu dometɔ ɖeka la me. Ne nyati siwo ƒo nu tso “Èbu Wo Ŋu Kpɔa?” zãmee nèle la, àte ŋu abia nya sia be:
◼ “Ènya be Mawuɖekaetɔ̃dzixɔse dea ame afɔku mea? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu fia mí be míasubɔ Fofo la ‘le nyateƒe me’ wòasɔ kple Biblia ƒe nufiafia. Gake sɔlemeha geɖe siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la fia Mawuɖekaetɔ̃ si nye nufiafia si mele Biblia me o. Aleke nèbu be esia kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo di be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafia nu la dzii? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro biabia ma me eye eɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu me.”
6 Le aƒe ɖesiaɖe me la, dze agbagba nàna magazineawo ahawɔ nudɔdɔwo ne miete ŋu dzro Biblia me o hã. Amesiwo axɔ magazineawo la ƒe akpa gãtɔ adi be nàgatsɔ tata yeyewo vɛ eye ɖewohĩ woadɔe emegbe.