INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/94 axa 4
  • Kpe Ðe Wo Ŋu Woagasee “Ɣebubuɣi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Wo Ŋu Woagasee “Ɣebubuɣi”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Biblia La—Akɔfafa Kple Mɔkpɔkpɔ Tsoƒe Wònye le Xaxa ƒe Xexeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Biblia—Mawu ƒe Mɔfianu na Amewo Katã
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 11/94 axa 4

Kpe Ðe Wo Ŋu Woagasee “Ɣebubuɣi”

1 “Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.” (Dɔw. 17:32) Nenemae ame aɖewo wɔ nu ɖe nuƒo xɔŋkɔ si Paulo ƒo le Mars Togbɛ dzi la ŋu. Nenema ke egbea la, ame aɖewo di be yewoagase nya geɖe tso Fiaɖuƒegbedasi si míegblɔ na wo le yiyi zi gbãtɔ me ŋu.

2 Míaƒe tɔtrɔyi be míatu ɖetsɔleme ɖo me koŋ míefiaa nu le. Dzadzraɖo nyui akpe ɖe mía ŋu be nu nyuiwo nado tso eme. Agbalẽ si nye School Guidebook ƒe axa 51 kafui be: “Gbã la, na nya siwo nàtsɔ akɔ nya la mee la nanɔ wò susu me nyuie. Dze agbagba nànya nusita nya la le nenema. Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖe susua agblɔ le wò ŋutɔ wò nyawo me hã. Na Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzinyawo me nakɔ na wò nyuie. Dzra ɖo nàwɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ nyuie.”

3 Ne agbalẽ si nye “The Bible—God’s Word or Man’s?” ye nèna la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:

◼ “Esi míeɖo dze va yi la, míeƒo nu tso nusita míate ŋu aka ɖe Biblia dzi ŋu. Agbalẽ si megblẽ ɖe gbɔwò la bia nya sia be, ‘Nukata Wòle Be Nàxlẽ Biblia?’ [Xlẽ ŋgɔdonya si le axa 5, eye na wòaɖo biabia si wotsɔ ƒo etae la ŋu.] Biblia gblɔ na mí be eteƒe madidi kura o Mawu ŋutɔ akpɔ ameƒomea ƒe kuxi sesẽwo katã gbɔ, eye efiaa alesi míawɔ ase vivi le dzidzɔɣeyiɣi ma ƒe yayrawo mee la mí. [Xlẽ Psalmo 119:105.] Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu na ɖokuisi kple ƒome Biblia sɔsrɔ̃. Madi be mafia alesi nàzãe la wò.”

4 Ne èyi afisi nèna trakt si nye “Nusita Nate Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi” le la, àte ŋu agblɔ nya sia:

◼ “Mí katã míetsɔ ɖe le nusi etsɔ ahe vɛ me. Le alesi xexeame ƒe nɔnɔmewo le fifia ta la, nukae nèsusu be adzɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Togbɔ be susu me koe amegbetɔ ate ŋu abu nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le hã la, Mawu ya nya nusi tututu adzɔ. [Xlẽ Yesaya 46:10.] Awɔ nuku na wò be nànya be Biblia gblɔ nya ɖi be eteƒe madidi o míase vivi le paradisoxexe yeye aɖe ƒe yayrawo me. [Xlẽ axa 4 ƒe memamã etɔ̃lia.] Na magblɔ ŋugbedodo nyui sia ŋu nya geɖe na wò.”

5 Ne ètrɔ yi afisi nèna “New World Translation” le la, ɖewohĩ aɖaŋuɖoɖo sia anyo na wò:

◼ “Nyitsɔ laa ye mena Biblia wò eye megblɔ be magatrɔ ava kpe ɖe ŋuwò nàzãe nyuie wu. Ɣeaɖewoɣi la, míedea ŋugble le alesi míana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple ame bubuwo dome ŋu. Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖe le esia ŋu, eye New World Translation na nya si dim míele la kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe. [Ʋu ƒe 1984 ƒe tata si me wofia asi nya bubuwo le la ƒe axa 1595, eye nàkpɔ tanya si nye “Lɔlɔ̃” te. He eƒe susu yi mawunyakpukpuiwo abe Korintotɔwo I, 13:4; Kolosetɔwo 3:14; kple Petro I, 4:8 ene dzi. Ðe alesi nu nyuiwo ate ŋu ado tso gɔmeɖose siawo ŋudɔwɔwɔ mee me nɛ kpuie.] Esia nye alesi Biblia naa míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu nyuiwo mí la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Madi be mafia mɔ bubu si nu Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ kple tomefafae la wò ɣebubuɣi.”

6 Nu xɔasi aɖeke megali míatsɔ na ame bubuwo wu Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ o. Sidzedze sia ate ŋu afia Yehowa vɔvɔ̃ amewo ahade dzi ƒo na wo be woazɔ le eƒe mɔ si hea viɖe mavɔwo vɛ la dzi.—Lod. 2:20, 21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe