Biblia La—Akɔfafa Kple Mɔkpɔkpɔ Tsoƒe Wònye le Xaxa ƒe Xexeme
1 Xexeme sia na nu te ɖe ameƒomea dzi vevie eye wohiã akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ. Biblia me koe míakpɔ akɔfafa vavãtɔ le. Ena dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeye ƒe mɔkpɔkpɔ mí. (Rom. 15:4; Pet. II, 3:13) Insight-gbalẽa ƒe Babla 1, axa 311 gblɔ be: “Ne menye Biblia ye o la, míanya Yehowa o, míanya viɖe wɔnuku siwo le Kristo ƒe tafevɔsa ŋu o, eye míase nudidi siwo gbɔ wòle be míaɖo be míakpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dzɔdzɔe la me alo le ete la gɔme o.”
2 Le November me la, míahe susu ayi akpa si Mawu ƒe Nya, Biblia la, wɔna le kpekpe ɖe amewo ŋu be woanɔ te ɖe xexeame ƒe nuteɖeamedziwo nu dzi etɔxɛe. Míana New World Translation of the Holy Scriptures kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa. Nya kae míate ŋu agblɔ si akpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu be woakpɔ asixɔxɔ si le Biblia ŋu?
3 Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Àlɔ̃ ɖe edzi be kuxi geɖe le mía dzi si gblẽa míaƒe tomefafa me. Afikae míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si afia alesi míakpe akɔ kple kuxi siawo la le? [Na wòaɖo eŋu.] Mekpɔe be kakaɖedzi le Biblia ŋu elabena efiaa alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ la mí. [Xlẽ Luka 11:28.] Míaƒe dɔa ƒe taɖodzinue nye be míade dzi ƒo na amewo be woaxlẽ Biblia ne eƒe nufiame naɖe vi na wo. Biblia-srɔ̃gbalẽ sia, The Bible—God’s Word or Man’s?, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ema. De dzesi nya si wògblɔ le xexeame ƒe kuxiwo ƒe akpa gãtɔ dzɔtsoƒe ŋu. [Xlẽ axa 187, memamã 9 ƒe nyagbe evelia.] Adzɔ dzi nam be magblẽ esia ɖe gbɔwò hena ₵800.00 ƒe nudzɔdzɔ.”
4 Àte ŋu azã nya bɔbɔe sia tɔgbe:
◼ “Míele dzi dem ƒo na amewo be woade bubu Mawu ƒe Nya Biblia ŋu wu. Madi be mana trakt sia ɖeka wò, eyae nye Nusita Nate ŋu Aka ɖe Biblia Dzi. Eɖe nusita míate ŋu atrɔ ɖe Biblia ŋu adi mɔkpɔkpɔ vavã na xexeme si nyo wu. [Ʋu axa 6 eye nàxlẽ Psalmo 37:29 kple memamã mamletɔ.] Wò ŋutɔ xlẽ trakt sia, eye ne megava ɣebubuɣi la, nàgblɔ nusi nèsusu le mɔkpɔkpɔ si Biblia na mí ŋu nam.”
5 Gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoazã nya sia si le tẽ la atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee:
◼ “Meva be mawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple wò. Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso, eye eƒe nufiame ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖɔɖɔɖo. Wotrɔ asi le New World Translation of the Holy Scriptures si woŋlɔ ɖe egbegbe gbegbɔgblɔ me la ŋu be míatsɔe awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ele Biblia-xlẽla miliɔn geɖe siwo le xexeame katã la si. Na mafia alesi nàte ŋu azãe la wò kpuie. [Ne ƒe 1984 me tɔ si me wofia asi nya bubuwo le lae le asiwò la, ke ʋu axa 1653, eye nàhe susu ayi 23A dzi. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, ekema xlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la dometɔ ɖeka alo eve eye nàdzro nya si ŋu wòku ɖo la me. Ðe alesi ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la xexlẽ aɖe nusi ŋugbe Mawu do be yeawɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi afiae la me nɛ.] Madi be magava ne míadzro Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ sia me ayi ŋgɔ.”
6 Bibliae nye akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ kpakple nyateƒe si ate ŋu akplɔ mí ayi agbe mavɔ mee la tsoƒe. (Yoh. 17:3, 17) Biblia me sidzedze gbɔgblɔ na amewo dzea Yehowa, “amesi le didim be, woaxɔ amewo katã,” la ŋu.—Tim. I, 2:4.