Ðee Fia be Yetsɔ Ðe Le Eme to Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me
1 Ðetsɔlemetɔwo didi tso aƒeme yi aƒeme ɖea didi si le mewò be yeana mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo ne woase Fiaɖuƒegbedasia la fiana. Eyata kpɔ egbɔ be yetrɔ yi amesiwo yena agbalẽe le January ƒe ɣletia me gbɔ, elabena esia nye mɔ nyui si dzi nàɖe wò ɖetsɔleme na ame bubuwo afia le.
2 Ne “Let Your Kingdom Come” ƒe agbalẽae nèna la, àte ŋu ayi wò dzeɖoɖoa dzi ale:
◼ “Nyitsɔ la, míeƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple nusiwo wòawɔ na mí ŋu. Eteƒe madidi o Fiaɖuƒe ma awɔ anyigba sia wòazu paradiso. Esi míekpɔ paradiso kpɔ o ta la, ɖewohĩ ekpɔkpɔ le susu me asesẽ na mí. Aleae eƒe dzedzeme ate ŋu anɔ enye si. [Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 4 kple 5 fiae.] Wodo paradiso sia tɔgbe ƒe ŋugbe le Biblia me.” Xlẽ Psalmo 72:7. Ne etsɔ ɖe le eme la, ke ʋu axa 175, memamã 3 kple 4 eye nàgblɔ nusi wòle be míawɔ ne míedi be míanɔ Paradiso si gbɔna me.
3 Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye si le alesi nàtrɔ ayi amesiwo nèna “Happiness—How to Find It” ƒe agbalẽae la gbɔ:
◼ “Mí katã míadi be míakpɔ dzidzɔ. Ame geɖe sena le wo ɖokui me be womate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le xexe sia me o. Nukae nye wò susu le nya sia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Wogblɔna be dzidzɔkpɔkpɔ nye nɔnɔme si me susua nɔna. Ne ame bubuwo lɔlɔ̃, bubudede Mawu ŋu, kple etsɔ me mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le, xɔ míaƒe susu me la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ togbɔ be kuxiwo le mía ŋu gake.” Xlẽ Psalmo 119:1, 2. Ðe eme be Biblia sɔsrɔ̃ fia alesi míalɔ̃ ame bubuwo, ade bubu Mawu ŋu, eye etsɔ me mɔkpɔkpɔ si faa akɔ na ame nasu mía si la mí.
4 Àte ŋu atrɔ ayi amesi nèna agbalẽ si nye “Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?” la gbɔ ahazã dzeɖonya kpui sia:
◼ “Xexemedziɖulawo mete ŋu he ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ egbea o. Yehowa Mawu ɖeka hɔ̃ koe ate ŋu ahee vɛ. Biblia gblɔ nusi wòle be míawɔ na mí. [Dzro axa 178 ƒe memamã 1 kple 2 lia me nyawo me, eye nàxlẽ Yesaya 26:4.] Madi be mafia alesi agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe la wò.”
5 Àte ŋu azã aɖaŋuɖoɖo sia ne ètrɔ yi amesi xɔ agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” la gbɔ:
◼ “Megblẽ agbalẽ gbadza sia ɖe gbɔwò va yi, si fɔ biabia sia ɖe te be: ‘Ðe Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vavãa?’ Aleke nèƒo nya ta esi nèdzro agbalẽ gbadza sia me vɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Anɔ eme be Ŋɔŋlɔ siwo do paradiso ƒe xexeme yeye, afisi míate ŋu anɔ ŋutifafa me le ƒe ŋugbe la xexlẽ de dzi ƒo na wò. [Tsɔ nɔnɔmetata siwo le axa 2 kple 3 fiae, eye nàƒo nu tso nu dodzidzɔname siwo anɔ xexe yeyea me la dometɔ aɖewo ŋu.] Meka ɖe edzi be mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo miadi be yewoanɔ xexe ma tɔgbe me. Se nya si axa 31 ƒe memamã 16 lia gblɔ le esia ŋu ɖa.” Xlẽ memamã la, eye nàɖee afia be Yehowa didi fia be woasrɔ̃ nu geɖe le eya kple eƒe tameɖoɖowo ŋu to eƒe Nya, Biblia la, sɔsrɔ̃ me.
6 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi abe Alẽkplɔla lɔlɔ̃tɔ si lɔ̃ eƒe alẽwo ene. (Xez. 34:11-14) Míaƒe agbagbadzedze vevie be míasrɔ̃ alesi wòléa be na mí lɔlɔ̃tɔe la dzea eŋu, eɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiana, eye wòzua yayra na ame bubuwo.