Míaƒe Agbalẽ Xoxowo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
1 Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo mí fũ. Nusiawo ƒe akpa gãtɔ nye axa 192-gbalẽ siwo wota le nyitsɔ laa ƒewo me. Míana agbalẽ ɖesiaɖe si ƒe ŋkume biã alo axa 192-gbalẽ siwo wota do ŋgɔ na ƒe 1982, siwo gale nɔnɔme nyui me la le January me. Ðewo le hamea sia? Ne ɖewo li la, anyo be miadzro emenyawo me eye miatia dzeɖonya aɖewo siwo miazã le wo nana me.
2 Ne “Let Your Kingdom Come” ƒe agbalẽa nam nèle la, àte ŋu adze egɔme ale:
◼ “Kristotɔwo do gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava ƒe 2,000 kloe nye sia. Nukae nèbu be Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea? [Na wòaɖo eŋu. Trɔ ɖe aɖaka si le axa 25 ŋu, eye nàƒo nu tso yayra siwo woakpɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la dometɔ aɖewo ŋu.] Agbalẽ sia dzro nusiwo Fiaɖuƒea awɔ me eye wògblɔ alesi wòate ŋu aɖe vi na mia kple wò lɔlɔ̃tɔwoe. Adzɔ dzi nam be magblẽ ɖeka ɖe gbɔwò eye nàwɔ nudzɔdzɔ si nye ₵800 ɖe eta.”
3 Ne agbalẽ si nye “Happiness—How to Find It” nam nèle la, àte ŋu agblɔ nya sia:
◼ “Ame akpa gãtɔ mete ŋu kpɔa dzidzɔ le xexe sia me o, elabena kuxi geɖe li. Èsusu be anya wɔ be woakpɔ dzidzɔ le nɔnɔme siwo li fifia mea? [Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 41 eye nàtɔ asi kuxi siwo na míetsia dzimaɖi dometɔ aɖewo dzi.] Biblia fia alesi míate ŋu anɔ te ɖe kuxi siawo nui eye mlɔeba míakpɔ dzidzɔ ɖaa tegbee le ŋutifafa ƒe xexe yeye me la mí. [Ʋu axa 190 eye nàxlẽ Yesaya 32:17, 18.] Biblia ɖo aɖaŋu vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me. Agbalẽ sia dzro aɖaŋuɖoɖo ma me eye wòɖe alesi míate ŋu awɔ eŋudɔe la me.”
4 Ne “Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?” ƒe agbalẽ si ƒe ŋkume biã zãm nèle la, ɖewohĩ àdi be yeagblɔ nya sia:
◼ “Amesiame adi be yeanɔ xexe si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ le me. Nublanuitɔe la, míekpɔ ema le míaƒe agbenɔɣi katã me o. Nukae nèbu be ahiã be míawɔ be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ anyi? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋusẽ le Mawu si be wòahe ŋutifafa va anyigba sia dzi, eye edo ŋugbe be yeawɔe hã.” Trɔ ɖe nɔnɔmetata si le axa 4 lia ŋu, emegbe nàxlẽ Mixa 4:3, 4 ahadzro eme, eye nawɔ nya vevi siwo le axa 103-4 ŋudɔ. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ ayi.
5 Ðewohĩ àdi be yeazã agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” Ne nenemae la, ekema àte ŋu agblɔ ale:
◼ “Ame geɖe biana nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe geɖe le xexeame. Esi wònye ŋusẽkatãtɔ ta ɖe, nukatae mawɔ naneke atsɔ ahe míaƒe xaxawo ava nuwuwui o? Aleke nèkpɔe? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu megblẽ mí ɖi o.” Ʋu axa 27, memamã 22 eye nàxlẽ Psalmo 37:11, 29. Ƒo nu tso nɔnɔmetata dzeani si fia nusiwo míate ŋu akpɔ mɔ na la ŋu. Na agbalẽ gbadza lae. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi ava dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.
6 Míaƒe agbalẽwo ʋã ame akpe geɖe wodzro Biblia me tsitotsito. Nusi wosrɔ̃ la na dzidzɔkpɔkpɔ le etsɔ me ƒe mɔkpɔkpɔ wo. (Ps. 146:5) Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpe ɖe wo ŋu.