Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa Nuɖeɖe Nyuie
1 Yesu bi ɖe ŋgɔdonyawo zazã me. Enya nya si wòagblɔ atsɔ anyɔ ɖetsɔlemee. Ɣeaɖeɣi la, edze dzeɖoɖo gɔme kple Samaria-nyɔnu aɖe esi wòbiae be wòana tsi ye yeano. Nya sia he eƒe susu enumake, elabena ‘Yudatɔwo kple Samariatɔwo medoa nu o.’ Mlɔeba dzeɖoɖo si yi edzi la kpe ɖe eya kple ame bubu geɖe ŋu wova zu xɔsetɔwo. (Yoh. 4:7-9, 41) Míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu sia me.
2 Ne èle dzadzram ɖo ɖe Agbe Tegbee-gbalẽa nana ŋu la, bia ɖokuiwò be, ‘Nukawo ŋue míaƒe anyigbamamã me tɔwo tsi dzi ɖo vevie wu? Nya kawoe adzɔ dzi na ƒewuivi, ame tsitsi, srɔ̃ŋutsu, alo srɔ̃nyɔnu?’ Àte ŋu adzra dzeɖonya geɖe ɖo ahawɔ ɖoɖo azã esi sɔ na nɔnɔmea wu.
3 Esi ƒomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ ka ame geɖe ta la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Gbesiagbe nuteɖeamedziwo na ƒomewo xaxa vevie egbea. Afikae woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe. [Xlẽ Timoteo II, 3:16, 17.] Ŋɔŋlɔawo na mɔfiame nyui siwo ate ŋu alé ƒomewo ɖe te la mí. Se nya si wogblɔ le Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe agbalẽa, axa 238, memamã 3 lia me ɖa.” Xlẽ memamã 3 lia eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.
4 Ne mia gbɔ nyadzɔdzɔ aɖee nèbe yeagblɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Èse nya si dzɔ le [gblɔ nudzɔdzɔ si ŋu amewo tsi dzi ɖo] ŋua? Nukae nèsusu tso nu ma ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe mena nèbiana be afikae nye sia míeva ɖo na xexeame oa? Biblia gblɔe ɖi be nusiawo anye dzesi be míele ŋkeke mamleawo me.” Emegbe dzro Agbe Tegbee-gbalẽa ƒe axa 150-3 me nyawo me.
5 Ame geɖe tsi dzi ɖe nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi ŋu. Àte ŋu azã ŋgɔdonya gbãtɔ si le “Reasoning” ƒe agbalẽa, axa 10 lia le tanya sue “Nuvlowɔwɔ/Dedienɔnɔ” te:
◼ “Míele dze ɖom kple amewo tso alesi míawɔ anɔ dedie ŋu. Wole nu vlo geɖe wɔm le míaƒe nutoa me, eye egblẽa nu le míaƒe agbe ŋu. Èsusu be nukae wòle be míawɔ be amewo, abe mía kple wò ene, míate ŋu azɔ mɔdodowo dzi le zã me eye míavɔ̃ naneke o?” Àte ŋu axlẽ Psalmo 37:10, 11 ahaƒo nu tso yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒe ahe vɛ ŋu le Agbe Tegbee-gbalẽa ƒe axa 156-8.
6 Ne èdi be yeazã dzeɖonya si le bɔbɔe wu la, àte ŋu azã ŋgɔdonya si sɔ kple esi dze le “Reasoning” ƒe agbalẽa, axa 12 ƒe tame:
◼ “Míele dzi dem ƒo na míaƒe aƒelikawo be woabu etsɔ me nyui aɖe si Biblia gblɔ be asu mía si la ŋu. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Edzro wòa? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ sia ƒe axa 19 ƒo nu tso yayra bubu siwo ameƒomea me tɔ toɖolawo axɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la ŋuti.” Azɔ tsɔ Agbe Tegbee-gbalẽa nɛ.
7 Ŋgɔdonya nyuiwo dzadzraɖo akpe ɖe ŋuwò be nàke ɖe amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ le wuwum la ŋu.—Mat. 5:6.