INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/95 axa 8
  • Nyanyui na Ðokuibɔbɔlawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyanyui na Ðokuibɔbɔlawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Na Magazine le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Dze Agbagba Nàsrɔ̃ Tufafa, Eye Wò Nu Adze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 5/95 axa 8

Nyanyui na Ðokuibɔbɔlawo

1 Ɣeyiɣi si me ʋɔnudɔdrɔ̃ tu aƒe mee míele. (Xez. 9:5, 6) Ehiã kpata be woana nyanya ɖokuibɔbɔlawo le afisiafi be woate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi na nusi gbɔna. Le Yehowa ƒe amenuveve me la, ede dɔ asi na eƒe amewo be ‘woahe du nyui ayi na ɖokuibɔbɔlawo.’ (Yes. 61:1, 2) Míaƒe magazinewo kpena ɖe mía ŋu be míaɖe gbeƒã nyanyui sia le didiƒe kple kpuiƒe siaa.

2 Gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ si doa ŋusẽ mí heʋãa mí lae le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Gbetakpɔxɔ tsɔa nyanyuia faa akɔ na ɖokuibɔbɔlawo be eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea atrɔ anyigba la wòazu paradiso. Nyɔ! dea dzi ƒo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye vɛ la dzi. Agbalẽ siawo mamã le teƒe geɖe ye nye mɔ tsɔtsɔetɔ si dzi míetona tsɔa nyanyuia yina na ɖokuibɔbɔlawo. Yeyeawo me dzeɖonya kawo ŋue míate ŋu aƒo nu tsoe?

3 Àte ŋu ana May 1 ƒe “Gbetakpɔxɔ” ne èhe susu yi nyati si nye “Viɖekpɔkpɔ tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me” dzi eye nèbia nya sia:

◼ “Viɖe kae nèsusu be míate ŋu akpɔ tso Biblia xexlẽ me? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia la ŋutɔ kpe ɖe mía ŋu le Romatɔwo 15:4 be míabu biabia ma ŋu. [Xlẽ Romatɔwo 15:4.] Biblia le míaƒe nutoa me tɔ akpa gãtɔ si, gake wo dometɔ ʋee aɖewo koe kpɔa ɣeyiɣi xlẽnɛ edziedzi. Míexɔe se be Biblia mee míate ŋu akpɔ etsɔ me mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia si ŋu kakaɖedzi le la le, eye aɖe vi na mí ne míexlẽe.” Gblɔ nya siwo sɔ kpe ɖe eŋu, eye nàtsɔ magazineawo nɛ.

4 Nɔnɔmetata nyui aɖe le May 15 “Gbetakpɔxɔ” me si ɖe alesi nuwo anɔ le Paradiso me le xexe yeyea me fia. Àte ŋu adze egɔme ale:

◼ “Mele mɔ kpɔm be eteƒe madidi o mava nɔ agbe le xexe sia tɔgbe me. Nukae nèsusu be adzɔ dzi na ye wu le nɔnɔme sia ƒomevi me? [Na wòaɖo eŋu.] Mɔkpɔkpɔ sia menye drɔ̃e aɖe ko o; enye ŋugbedodo si ŋu kakaɖedzi le si wogblɔ le Mawu ƒe Nya la me.” Xlẽ Yesaya 32:17, 18 eye nàgblɔ alesi Gbetakpɔxɔ naa nufiame si yia ŋgɔ la ame le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea kple nusi míawɔ axɔ eƒe yayrawo ŋu.

5 Àte ŋu abia nya sia atsɔ ana May 8 ƒe “Nyɔ!”:

◼ “Nukae nèbu be ahiã hafi agbe nanya nɔ ŋutɔŋutɔ?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu nyati si nye “Gɔmesese Kae le Agbe Ŋu?” si le axa 28 lia, eye nàxlẽ Salomo ƒe nya siwo le Nyagblɔla 2:11. Azɔ he susu yi eƒe aɖaŋuɖoɖo si le ta 12, kpukpui 13 lia dzi. Tsɔ magazinea na aƒemenɔla la.

6 Ne miele magazinedɔ wɔm do ŋgɔ na May 14 lia la, ke mikpɔ egbɔ ne miatsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia ɖe asi eye mitsɔ ɖe na amesiame si mekpɔ ɖeke haɖe o. Ne míele magazineawo nam la, ele be míaɖo ŋku edzi ahe susu ayi nudɔdɔ ƒe ɖoɖoa dzi le mɔnukpɔkpɔ nyui ɖesiaɖe me. Ele be míanɔ klalo ɣesiaɣi ana míaƒe agbalẽwo esi míekpɔe be ɖewohĩ ƒomea me tɔ bubuwo kple xɔlɔ̃ siwo ava srã wo kpɔ ate ŋu axlẽe ta. (Tim. I, 6:18) Nyanyui si míetsɔna yina na ɖokuibɔbɔlawo ate ŋu axɔ wo ɖe agbe.—Tim. I, 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe