INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/95 axa 8
  • Dzesidede si Hea Ðeɖekpɔkpɔ Vɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzesidede si Hea Ðeɖekpɔkpɔ Vɛ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔyi Be Míaɖe Ame Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Katã Gbɔ be Wòaɖe Vi na Wo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ŋɔŋlɔ Sia Ŋɔŋlɔ Nyo na Nufiafia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 5/95 axa 8

Dzesidede si Hea Ðeɖekpɔkpɔ Vɛ

1 Hafi Yehowa nahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo vɛ ɣesiaɣi la, enaa nuxlɔ̃ame hefiaa mɔ si dzi ɖokuibɔbɔlawo ato akpɔ ɖeɖe. Le Xezekiel ƒe ŋkekeawo me la, ame aɖewo nɔ hũ ɖem henɔ nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo katã wonɔ wɔwɔm la ŋu. Yehowa na wode dzesi amesiawo siwo dze hena ɖeɖekpɔkpɔ. (Xez. 9:4-6) Dɔ ma kee míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔna egbea. Míate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le eme.

2 Keke ɖe anukwaretɔwo ŋu nye afɔɖeɖe gbãtɔ ko. Míewɔa ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu. Míedzrana ɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu le yiyi zi gbãtɔ me to dzesidede agbalẽ si míena kple nyati si ŋu míeƒo nu tsoe me. Dzidzedze si míakpɔ le tɔtrɔyi me ƒe akpa gãtɔ anɔ te ɖe nya si ŋu míedzraɖo ɖo be míagblɔ kple nusi míawɔ ne míetrɔ yi dzi.

3 Ne ègatrɔ yi afisi nèna “Gbetakpɔxɔ” le la, àte ŋu ahe susu ayi eƒe tanya la ŋutɔ dzi:

◼ “De dzesii be woŋlɔ ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe akpa dzi be ‘Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe.’ Nusi na magazine sia nye etɔxɛe nye be eʋlia Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta be eyae nye xexeame ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia. Eƒoa nu tso nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi. Esiae nye nyanyui si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒãe le anyigba dzi katã.” Xlẽ Mateo 24:14, eye nàɖe alesi woate ŋu anɔ Gbetakpɔxɔ xɔm edziedzi ahazãe le Biblia sɔsrɔ̃ le ame ɖokui si mee me.

4 Ðewohĩ àdi be yeahe susu ayi Biblia la ŋutɔ dzi ahate gbe ɖe alesi wòhiã be míaxlẽe edziedzi la dzi. Àte ŋu agblɔ be:

◼ “Edze abe amesiame kloe si míenya la akpɔ ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe ŋu le alesi míakpe akɔ kple gbesiagbegbenɔnɔ me kuxiwoe ŋu. Afikae nèsusu be míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo si dzi míate ŋu aka ɖo le? [Na wòaɖo eŋu.] Dzi ɖe le ame geɖe siwo ka ɖe wo xɔlɔ̃wo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi alo xe ga ɖe eŋutinunyalawo ƒe aɖaŋuɖoɖo ta la ƒo nublanuitɔe. Gake ame miliɔn geɖe kpɔe be Biblia me koe woate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo si dzi woate ŋu aka ɖo ŋutɔŋutɔ la le. Biblia na mɔfiame le alesi míakpe akɔ kple kuxi ɖesiaɖe si míado goe ŋu. [Xlẽ Timoteo II, 3:16, 17.] Togbɔ be ɖewohĩ Biblia me nyawo gɔmesese asesẽ na wò hã la, na mafia alesi nàte ŋu azãe ake ɖe aɖaŋuɖoɖo geɖe siwo me nunya le ŋu la wò.” Yi edzi nàʋu “Bible Words Indexed” si le New World Translation ƒe nuwuƒe la ƒe akpa si nye “Love” eye nàfia mawunyakpukpui aɖewo siwo fia alesi lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mía kple ame bubuwo dome masɔmasɔwo gbɔ lae.

5 Ðewohĩ àdi be yeazã agbalẽ si nye “Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi” kple susu be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ne èzã ŋgɔdonya sia:

◼ “Míelɔ̃ míaƒe ƒomewo eye míedia nyui na wo. Vi kae wòaɖe na wò ƒomea ne míele xexe sia tɔgbe me?” Tsɔ nɔnɔmetata siwo le axa 156-7 la fiae. Xlẽ mawunyakpukpui siwo me nya woŋlɔ ɖe axa mawo dzi la dometɔ ɖeka alo eve, eye nàɖe eme be esiawo nye ŋugbe siwo Yehowa Mawu si mate ŋu aka aʋatso o la do. Ʋu axa 5-6 nàbia aƒemenɔla be tanya kae dzɔ dzi nɛ wu hã; ʋu ta si wòtia la eye nàdzro memamã ɖeka alo eve me.

6 Ðe nèdi be yeakpe ɖe ame bubu ŋu be woade dzesii hena ɖeɖekpɔkpɔa? Àkpɔ dzidzedze le ‘wò subɔsubɔdɔa nuwuwu bliboe’ me ne èdzra ɖo nyuie hetrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ kaba.—Tim. II, 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe