INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/95 axa 1
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Doa Ŋusẽ Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Ame
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Miyi Edzi Miazɔ Yi Ŋgɔ le Ðoɖo Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 6/95 axa 1

Yehowa Doa Ŋusẽ Ame

1 Wode dɔ asi na mí Yehowa ƒe amewo be míaɖe gbeƒã nyanyuia eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míakpɔ míaƒe agbenɔnɔ dzi be ‘wòanɔ nyuie le dukɔwo dome.’ (Pet. I, 2:12; Mat. 24:14) Le ɣeyiɣiawo ƒe sesẽ kple mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple blibomademade ta la, míate ŋu awɔ dɔ sia le mía ɖokui si gbeɖe o. (Tim. II, 3:1-5) Dzidzɔ kae nye si wònye na mí be míate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ!

2 Apostolo Paulo do dzi le tetekpɔ geɖewo me. (Kor. II, 11:23-27) Aleke wòwɔ nɔ te ɖe nusiawo nu hewu dɔ si wode asi nɛ la nu? Yehowa na ‘ŋusẽ agbɔsɔsɔ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ lae. (Kor. II, 4:7) Paulo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu gbɔe yexɔ kpekpeɖeŋu sia tsoe esi wòŋlɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.” (Fil. 4:13) Yehowa akpe ɖe mía ŋu nenema ke. Aleke míawɔ axɔ kpekpeɖeŋu sia?

3 To Gbedodoɖa Madzudzɔmadzudzɔe Me: Yesu de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ nubiabia, nudidi, kple ʋɔƒoƒo dzi,’ eye ɖeɖi megate mía ŋu o. (Luka 11:5-10) Míaƒe kutrikuku le gbedodoɖa me aɖe alesi gbegbe míaƒe ɖetsɔleme de toe, alesi míaƒe didi la nu sẽe, kple alesi ŋusẽ nyuitɔ ʋãa mí la afia Yehowa. (Ps. 55:18; 88:2, 14; Rom. 1:9-11) Paulo nya alesi gbegbe kutrikuku le gbedodoɖa me hiãe esi wòxlɔ̃ nu mí be “minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.” (Tes. I, 5:17) Gbedodoɖa nye mɔ vevi siwo dzi míato axɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la dometɔ ɖeka.

4 To Wɔwɔ Ðe Teokrasi Mɔfiamewo Dzi Me: “Teokrasi” gɔmee nye Mawu ƒe dziɖuɖu, eye lɔlɔ̃ Mawue wònye. Ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe dziɖuŋusẽ si me lɔlɔ̃ le te eye míetsɔ eƒe mɔfiamewo wɔ dɔe le nyametsotso gãwo kple sueawo siaa me la, eɖea vi na mí. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” lae le teokrasidziɖuɖua teƒe le anyigba sia dzi. (Mat. 24:45-47) Ehiã vevie be míawɔ nu ɖekae kple habɔbɔ si “dɔla” ma le zazãm ne míedi be Yehowa ƒe yayra nanɔ mía dzi. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 13:17.) Yehowa ana ŋusẽ agbɔsɔsɔme si míehiã la mí atsɔ aɖo míaƒe nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃ faa la teƒee na mí.—Heb. 4:16.

5 To Hadede Kple Mía Nɔviwo Kplikplikpli Me: Lɔlɔ̃ ye nye nusi woatsɔ ade dzesi Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe. (Yoh. 13:34, 35) Le esi míaƒe nɔnɔmewo to vovo ale gbegbe ta la, masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa le amenyenye ƒe vovototowo ta. Ele be míase veve ɖe mía nɔewo ti tufafatɔe, eye míatsɔ ake mía nɔewo faa. (Ef. 4:32) Esia ana mía kple mía nɔvi haxɔsetɔwo dome nanɔ kplikplikpli eye woƒe dzidodo le tetekpɔ me nade dzi ƒo na mí. Esi ‘míenyae be fukpekpe mawo ke vaa mía nɔviwo ƒe haɔbɔbɔa katã dzi’ la, enaa míexɔa ŋusẽdodo tso Mawu gbɔ be míatsɔ adze ŋgɔ amemiamiã mawo tɔgbe.—Pet. I. 5:9.

6 To Wɔwɔ Ðe Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe Ðoɖowɔɖi Nyui Dzi: Ŋusẽdodo míaƒe susu kple dzi le gbɔgbɔ me kpena ɖe mía ŋu míedea axa na Satana ƒe amedzidzedzewo. (Pet. I, 5:8) Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui adzi míaƒe mawumesidzedze ɖe edzi. Míate ŋu akpɔ ŋusẽdodo tso eme ne míedze ŋgɔ gbesiagbekuxiwo. Paulo te gbe ɖe edzi be ‘sidzedze vavãtɔ’ wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ me. (Tim. I, 2:3, 4) Ele vevie ale gbegbe be míaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu edziedzi.

7 Nusiwo katã hiã be woana ŋusẽ nanɔ mía ŋu la bɔ míakpɔ le Kristo-hamea me. Asikpekpe ɖe eƒe dɔwɔnawo ŋu tso dzi blibo me akpe ɖe mía ŋu be ‘míazɔ azɔli ɖeɖi mate mía ŋu o.’—Yes. 40:29-31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe