INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/95 axa 8
  • Kpe Ðe Xɔsemanɔsitɔwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Xɔsemanɔsitɔwo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawo Hã Nade Bubu Mía Wɔla la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Yehowa Ye Nye Mía Wɔla
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Alesi Míana Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽ Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 6/95 axa 8

Kpe Ðe Xɔsemanɔsitɔwo Ŋu

1 Le egbeŋkekeke siawo me la, didi be woabu ame agbalẽnyala kple tagbɔɖaɖɛtɔ va bɔ ale gbegbe. Wodoa amegbetɔ ƒe nufiafiawo kple dzixɔsewo ɖe ŋgɔ heŋea aɖaba ƒua gbɔgbɔ me dzidzenuwo ya dzi. Anukwaretɔ siwo tsɔ ɖe le nyateƒenya siwo gɔme nya sena me la, adi be yewoadzro agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? me. Agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe xɔsemanɔsitɔwo ŋu. (Rom. 1:19, 20) Kpɔ egbɔ nàtrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ.

2 Àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ale:

◼ “Meka ɖe edzi be nènya be nufiala geɖe da asi ɖe dzixɔse si nye be nɔnɔmetɔtrɔ dzie ameƒomea to dzɔ la dzi. Wofia nu be ɖeko nusianu dzɔ kpoyi. Aleke nèsusu le nya ma ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Wogagblɔna kokoko be nususugblɔ sia nye nufiafia. Nususugblɔ nye ‘nuŋububu’ alo ‘nane si ŋu kpeɖodzi mele o ŋu bubu.’ Amegbetɔwo xɔe se ƒe alafa geɖe be anyigba le gbadzaa; míenya fifia be nya ma nye nukpɔsusu dada si menye nyateƒe o. Ðe wòanye be nenemae nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia hã lea?” Xlẽ ŋgɔdonya siwo le axa 4 lia eye nàdzro Yesaya 42:5 me.

3 Alo àte ŋu agblɔ nya sia ne ètrɔ yi:

◼ “Amesiwo mexɔ Mawu dzi se o bɔ ŋutɔ. Mebɔ nenema tsã o. Nukatae nèsusu be ame geɖe megaxɔ Mawu dzi se o? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe gblɔna be nuvlowɔwɔ kple nuteɖeamedzi si do gã ɖe edzi le míaƒe xexeame tae yewomegaxɔ edzi se o ɖo. Wogblɔna be ne Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe li la, nukata meɖe fukpekpe siawo katã ɖa o? Amesiwo mete ŋu kpɔa biabia mawo ƒe ŋuɖoɖo nyuiwo o la va zua mawudzimaxɔselawo. Gake ɖaseɖiɖi gbogbo aɖewo li siwo ɖo kpe edzi be Mawu li eye be ana dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa nava anyigba dzi kpuie.” Tsɔ Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le memamã 19 lia me le axa 196 tsɔ yi numedzodzroa dzii.

4 Esi nètsɔ Biblia ɖe asi la, àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme ale:

◼ “Míegatrɔ va be míagblɔ nusita Biblia sɔsrɔ̃ nyo le míaƒe ɣeyiɣiawo me na wò. Biblia le ame akpa gãtɔ si gake ame ʋee aɖewo koe gbɔa dzi ɖi xlẽnɛ. Ame aɖewo gblɔna na mí kaŋ be yewomegaka ɖe Biblia dzi tututu o. Nukae nèsusu le nya ma ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Nusiwo kpena ɖe mía ŋu míekana ɖe edzi be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye dometɔ ɖekae nye eƒe nyagblɔɖiwo ƒe emevava.” He susu yi Ŋɔŋlɔ ƒe kpukpui siwo le memamã 6 lia me le axa 234 dzi.

5 Ðewohĩ nya sia adzɔ dzi na amewo:

◼ “Míate ŋu akpɔ atsyɔ̃ɖoɖo kple nunya wɔnuku ɖedzesi aɖe le nusiwo ƒo xlã mí le anyigba dzi me. Ɣe ƒe amigogbagba ƒe nɔnɔmetata dzeani sia nye kpɔɖeŋu si sɔ.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 12 kple 13 fiae. Gblɔ nya veviwo tso tanya si nye “Nanewo Siwo Ŋu Nàbu” si le Eŋlisigbe me eye nàgblɔ alesi agbalẽ sia ɖo nyabiabia vevi siwo ku ɖe míaƒe xexeame ŋu ŋuti nyuie.

6 Amewo ate ŋu akpɔ yayra to mía dzi ne míezã agbalẽ sia tsɔ kpe ɖe wo ŋu be Wɔla la dzixɔxɔse ŋuti kpeɖodzi sesẽwo nasu wo si.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe