Alesi Míana Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽ Lae
Aɖaŋuɖoɖo vovovowo le emedegbalẽvi sia me siwo akpe ɖe mía ŋu míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa. Be aɖaŋuɖoɖo siawo naɖe vi nyuie la, gblɔ wo ɖe wò ŋutɔ wò nyagbewo me, trɔ asi le wò dzeɖonyawo ŋu be woasɔ na amesiwo le wò anyigbamamaa me, eye de dzesi nya siwo dze le agbalẽa me siwo nàte ŋu azã abe dzeɖonya ene la nyuie. Àte ŋu azã dzeɖonya bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa faa.—Kpɔ January 2005 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8 lia.
Afɔku/Fukpekpe
◼ “Ne afɔku aɖe dzɔ la, amewo biana be ɖe Mawu tsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo vavã hã, alo be ele fu siwo kpem amewo le la kpɔm hafi hã. Wò hã èbia nya mawo tɔgbe ɖokuiwò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Petro I, 5:7. Emegbe xlẽ memama 11 lia le agbalẽa ƒe axa 11.] Agbalẽ sia ɖe alesi Mawu le ameƒomea ƒe fukpekpewo ɖe ge ɖa keŋkeŋ la me.” Tsɔ nyabiase siwo le axa 106 lia ƒe memama gbãtɔ tame la fiae.
Aƒe/Nɔƒe
◼ “Le teƒe geɖe la, ŋutete mele ame geɖe si be woakpɔ aƒe nyui si me woanɔ woƒe dzi nadze eme o. Èsusu be aƒe nyui ava nɔ amesiame si gbaɖegbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Yesaya 65:21, 22. Emegbe xlẽ memama 20 lia le agbalẽa ƒe axa 34.] Agbalẽ sia ƒo nu tso alesi Mawu ana eƒe ŋugbedodo sia nava emee ŋu.”
Agbe Mavɔ
◼ “Ame geɖe dina be yewoanɔ agbe didi le lãmesẽ nyui me. Ke ne ɖe wòanya wɔ be míanɔ agbe tegbee ya ɖe, adzɔ dzi na wòa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4. Emegbe xlẽ memama 17 lia le agbalẽa ƒe axa 54.] Agbalẽ sia ƒo nu tso nusi míawɔ be míate ŋu anɔ agbe tegbee kple alesi agbenɔnɔ avivi ne ŋugbedodo mawo va emee ŋu.”
Aʋawɔwɔ/Ŋutifafa
◼ “Le afisiafi la, amesiame dina be yeanɔ ŋutifafa me. Ðe nèsusu be drɔ̃e dzro aɖe ko wònye be woakpɔ mɔ be ŋutifafa nava anyigba dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Psalmo 46:9, 10.] Agbalẽ sia ɖe alesi Mawu ana eƒe tameɖoɖo nava eme eye wòahe ŋutifafa va anyigba katã dzi la me.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 35 lia fiae. Emegbe dzro agbalẽa ƒe axa 33-4, memama 17-21 lia me kplii.
Biblia
◼ “Ame geɖe gblɔna be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Ðe wòasɔ be woayɔ agbalẽ aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ la be Mawu ƒe Nyaa? Ðe nèbia nya ma ɖokuiwò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Petro II, 1:21. Emegbe xlẽ memama 5 lia le agbalẽa ƒe axa 19-20.] Agbalẽ sia na ŋuɖoɖo siwo tso Biblia me le biabia siawo ŋu.” Tsɔ nyabiase siwo le axa 6 lia fiae.
◼ “Nyatakakamɔnu geɖe li egbea wu tsã. Gake afikae nèsusu be míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si me dzidzɔ le, eye nu nadze edzi na mí la le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Timoteo II, 3:16, 17. Emegbe xlẽ memama 12 lia le agbalẽa ƒe axa 23.] Agbalẽ sia ɖe alesi míanɔ agbe si adze Mawu ŋu eye wòaɖe vi na mí hã me.” Tsɔ nya siwo woɖo ɖe axa 122 kple foto si le axa 123 fiae.
Ƒome
◼ “Mí katã míedina be míanɔ ƒome si me dzidzɔkpɔkpɔ le la me. Alo menye nenemae oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nane be dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ ƒomea me—eyae nye Mawu sɔsrɔ̃ to lɔlɔ̃ ɖeɖe fia me.” Xlẽ Efesotɔwo 5:1, 2. Emegbe nàxlẽ memama 4 lia le agbalẽa ƒe axa 135.
Gbedodoɖa
◼ “Èbu alesi Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu ŋuti kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Yohanes I, 5:14, 15. Emegbe xlẽ memama 16-18 le agbalẽa ƒe axa 170-2.] Ta sia ɖe nusita wòle be míado gbe ɖa na Mawu kple alesi míado gbea ɖae be wòaɖo to mí la me.”
Harmagedon
◼ “Ne amewo se ‘Harmagedon’ ŋkɔ la, nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe si me ame gbogbo aɖewo atsrɔ̃ le ye vaa wo dometɔ geɖe ƒe susu me. Ne wogblɔ na wò be nusi woatsɔ dzidzɔ akpɔ mɔ nae Harmagedon nye la, ɖe wòawɔ nuku na wòa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Nyaɖeɖefia 16:14, 16.] Se nya sia si ku ɖe alesi agbenɔnɔ anɔ le Harmagedon megbe ŋu la ɖa.” Xlẽ memama 21 lia le agbalẽa ƒe axa 82-4, tsɔ yi dzeɖoɖoa dzii.
Ku/Tsitretsitsi
◼ “Ame geɖe dina be yewoanya nusi tututu dzɔna ɖe mía dzi ne míeku. Èxɔ se be míate ŋu anyaea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Nyagblɔla 9:5. Emegbe xlẽ memama 5-6 lia le agbalẽa ƒe axa 58-9.] Agbalẽ sia ɖe ŋugbe si Biblia do be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre hã me.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 75 lia fiae.
◼ “Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be míagakpɔe ake. Alo menye nenemae oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ŋugbe si Biblia do be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la fa akɔ na ame geɖe. [Xlẽ Yohanes 5:28, 29, eye nàgaxlẽ memama 16-17 le agbalẽa ƒe axa 72.] Ta sia ɖo nyabiabia siawo hã ŋu.” Tsɔ nyabiase siwo le axa 66 lia ƒe memama gbãtɔ tame la fiae.
Mawusubɔsubɔ
◼ “Ame geɖe va le ebum fifia be subɔsubɔha siwo le xexeame egbea la le ameƒomea ƒe kuxiwo dzim ɖe edzi tsɔ wu be woakpɔ wo gbɔ. Ðe nèsusu be subɔsubɔhawo le mɔ nyuitɔa fiam ameƒomea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Mateo 7:13, 14. Emegbe xlẽ memama 5 lia le agbalẽa ƒe axa 146.] Ta sia ɖe nu vevi ade siwo akpe ɖe mía ŋu míade dzesi tadedeagu si dzea Mawu ŋu la me.” Tsɔ wo fiae le axa 147 lia.
Yehowa Mawu
◼ “Ame geɖe siwo xɔ Mawu dzi se adi be yewoate ɖe eŋu. Ènya be Biblia de dzi ƒo na mí be míate ɖe eyama ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Yakobo 4:8a. Emegbe xlẽ memama 20 lia le agbalẽa ƒe axa 16.] Wota agbalẽ sia be wòakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu le woa ŋutɔwo ƒe Biblia me.” Tsɔ nyabiase siwo le axa 8 lia ƒe memama gbãtɔ tame la fiae.
◼ “Ame geɖe doa gbe ɖa be Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ. Taflatse, ɖe nènya ŋkɔ ma? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Psalmo 83:19. Emegbe xlẽ memama 2-3 le agbalẽa ƒe axa 195.] Agbalẽ sia ɖe nusi tututu Biblia fia tso Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖo na ameƒomea ŋu me.”
Yesu Kristo
◼ “Anyigbadzinɔla geɖe se Yesu Kristo ŋuti nya kpɔ. Ame aɖewo susui be ame ŋkuta dzro aɖe koe wònye. Ame aɖewo hã subɔnɛ abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Èsusu be alesi míebuna Yesu Kristoe le veviea?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Yohanes 17:3. Emegbe xlẽ memama 3 lia le agbalẽa ƒe axa 37-8. Tsɔ nyabiase siwo le axa ma ƒe memama gbãtɔ tame la fiae.
[Aɖaka si le axa 5]
Alesi Míaƒo Nu Tso Lɔlɔ̃nu Faa Nudzɔdzɔ ƒe Ðoɖoa Ŋu na Amewo
“Ne èdi be yeadzɔ nu atsɔ ado alɔ míaƒe xexeame katã ƒe dɔa la, adzɔ dzi nam be maxɔe.”
“Togbɔ be míedoa asi ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu o hã la, míexɔa nunana ɖesiaɖe si ame aɖe adi be yeana atsɔ akpe asi ɖe míaƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu.”
“Ðewohĩ àbia be afikae míekpɔa ga tsonae hena dɔ gã sia gbegbe wɔwɔ hã. Lɔ̃lɔ̃nu faa nunanawoe wotsɔna doa alɔ míaƒe xexeame katã ƒe dɔa. Ne èlɔ̃ be yeadzɔ nane atsɔ ado alɔ dɔae la, maxɔe faa.”