Tu Ame Ðo
1 Esi wònye “ɣeyiɣi sesẽwo” mee míele ta la, mí katã míehiã na dzideƒo. (Tim. II, 3:1) Esi esia nɔ nyanya na Paulo nyuie le eƒe ŋkekea me gɔ̃ hã ta la, edi vevie be yeawɔ hadede kple nɔviawo ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ be yewoatsɔ ‘ade dzi ƒo na yewo nɔewo.’ Eƒoe ɖe nɔviawo nu be ‘woanɔ nusiwo woatsɔ atu wo nɔewo ɖo yome.’ (Rom. 1:11, 12; 14:19) Agbagbadzedze siawo te ŋu ‘do ŋusẽ nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye ede dzi ƒo na wo be woanɔ xɔse la me.’ (Dɔw. 14:22) Míehiã na dzideƒo ma tɔgbe vevie egbea.
2 Míate ŋu ato nya siwo míegblɔna dzi atu ame bubuwo ɖo. Ne míezã míaƒe nyawo nyuie la, woate ŋu anɔ abe ‘sikatɔtɔŋuti le klosalogba me’ ene. (Lod. 25:11) Ne míekpɔa gome le kpekpewo me la, ke míele ‘dzi dem ƒo na mía nɔewo’ enye ma. (Heb. 10:25) Míate ŋu azã míaƒe aɖe le mɔ nyuiwo nu ne míele nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm, ne míele amewo kafum, alo míele gbɔgbɔmenyawo me dzrom. Aɖea zazã nyuie alea ‘nyo na tutuɖo eye wògblɔa nya siwo kpena ɖe eselawo ŋu.’—Ef. 4:29.
3 Ƒo Nu tso Nu Tuameɖowo Ŋu: Paulo na mɔfiame nyuiwo le nusiwo ŋu míate ŋu aƒo nu le ŋu le Filipitɔwo 4:8. Egblɔ be míabu nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, nudzeamewɔwɔ, kple nusiwo dze na kafukafu ŋu. Ne Mawu ƒe Nya la dzie míetu nya siwo míegblɔna ɖo la, míate ŋu aka ɖe edzi be woanye nyateƒe ahaɖe vi na ame bubuwo. (Yoh. 17:17) Míaƒe Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe, nusiwo míesrɔ̃na le hamea ƒe kpekpewo me, mɔ si dzi míato awu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe, kple nya bubu siwo le abe esia ene dze bubu. Dzeɖoɖo tuameɖo siwo ku ɖe Mawu ƒe Nya la me dzidzenuwo kple gɔmeɖosewo ŋuti akpe ɖe mía ŋu godoo be míazu ‘nunyalawo hena agbexɔxɔ.’ (Tim. II, 3:15) Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amesiwo le Yehowa ƒe habɔbɔ dzadzɛa me ƒe agbenɔnɔ si ŋuti kɔ ŋu agblɔ. Míate ŋu akafu mía nɔviwo ɖe dɔmenyo siwo wowɔna lɔlɔ̃tɔe ta. (Yoh. 13:34, 35) Nusiwo dze na gbɔgblɔ dometɔ aɖewoe nye Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo nye xɔse, dzidzɔ, ŋutifafa, kple dzigbɔgbɔ blewu si míekpɔna le mía nɔviwo ŋu. Dzeɖoɖo tso nudzeame siawo siwo dze na kafukafu ŋu ‘nyo na ame bubuwo tutuɖo.’—Rom. 15:2.
4 Xexeme ƒe dzimaɖitsitsi ɖedzileameƒowo dzea ŋgɔ mí gbesiagbe. Aleke wòdoa ŋusẽ amee nye si be míatutu nusiawo ada ɖe axadzi eye míade ha kple mía nɔviwo lɔlɔ̃tɔe! Ɣeyiɣi nyui si míate ŋu atsɔ anɔ mía nɔewo gbɔe la nye nu xɔasi aɖe si míaƒo asii o. Ne míedea dzi ƒo na amewo hetua wo ɖo la, ame bubuwo agblɔ le mía ŋu le nyateƒe me be: “Wona [nye] gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme.”—Kor. I, 16:18.