INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/95 axa 2
  • Dzila Siwo Kpɔa Dzidzɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzila Siwo Kpɔa Dzidzɔ!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Taɖodzinu Kawoe Nèɖo na Viwòwo?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 8/95 axa 2

Dzila Siwo Kpɔa Dzidzɔ!

1 Ne ènye ɖevi le Kristotɔwo ƒe aƒeme la, mɔ tɔxɛ aɖe li si dzi nàto ado dzidzɔ na dziwòlawo. Ne èwɔa nu dzɔdzɔe la, “fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ.” (Lod. 23:22-25) Wò nyui koe dziwòlawo dina. Naneke madzɔ dzi na wo wu be woakpɔe be ètsɔ nyateƒea wɔ tɔwòe hetsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa o.

2 Ele be nàda akpe be dziwòlawo le nyateƒea me. Tso dziwòɣi ke la, wonaa nuɖuɖu wò, kpɔa dziwò, na dɔƒe wò eye woléa be na wo ne èdze dɔ. Vevietɔ la, wodze agbagba be woafia nu wò le Yehowa kple eƒe mɔ dzɔdzɔewo ŋu; esia nye hehexɔxɔ si ate ŋu ana nàkpɔ agbe mavɔ. (Ef. 6:1-4) Nukae nàwɔ atsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia?

3 Tsɔ Nyateƒea Wɔ Tɔwòe: Dziwòlawo dze agbagba be yewoafia nu wò bene nàlé fɔ ɖe nyateƒea ŋu, ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me, ahanɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu kplikplikpli. Àte ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to ɖetsɔtsɔ le ƒomenusɔsrɔ̃ me si mahiã be woazi dziwò hafi o. Ðee fia be kpekpewo dede ƒe didi le mewò, tso le ɖokuiwò si nàdzra ɖo ale be ƒomea naɖo ɖe game dzi. Nɔ dziwòlawo gbɔ le kpekpeawo me eye nànɔ to dzi vevie ahakplɔ nuxexlẽa ɖo le agbalẽ siwo srɔ̃m wole me. Dze agbagba nàkpɔ gome le kpekpeawo me to nyaŋuɖoɖo me. Ðee fia be yenye sukuvi dovevienu le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, le dɔdasiwo xɔxɔ kple wo wɔwɔ nyuie alesi nàte ŋui me. Tsɔ ɖokuiwò na be nàkpe asi ɖe dɔwo ŋu le Fiaɖuƒe Akpata me le afisi woahiã wò kpekpeɖeŋu le. Dɔ siawo wɔwɔ ana wò dzi nanɔ nusiwo anyo na wò le gbɔgbɔ me ŋu.

4 Ðo Taɖodzinuwo Vivivi: Do vevie nu be nàkpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me nyuie, eye nàɖee fia be yedi be yeadze anye gbeƒãɖela. Wɔ kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽa, alo be wòagaɖe vi na wò wu la, xlẽ Biblia bliboa le ɖokuiwò si. Ðoe kplikpaa be ele be yeaɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ƒe nudidiwo gbɔ. Dziwòlawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo ɖe wò sukunusɔsrɔ̃ ŋu nyuie kple susu be nàxɔ hehe si adzra wò ɖo be nàwɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa bliboe. Do vevie be nàwɔ ŋkɔ nyui si aʋã ame bubuwo be woakafu wò hena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo abe mɔɖeɖedɔa alo Betel-subɔsubɔ ene. (Dɔw. 16:1, 2) Taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo akpe ɖe ŋuwò be “nàka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi . . . bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku nayɔ wò fũ.”—Fil. 1:10, 11, NW.

5 Sɔhɛmenɔɣie nye ɣesiɣi woasrɔ̃ nu, akpɔ nuteƒe, eye nuwɔwɔ kple ame bubuwo ƒe aɖaŋu nasu ame si. Enye ɣeyiɣi si me nàse vivi le agbe me, nyaƒoɖeamenu kple agbanɔamedzi siwo katã vana le tsitsime manɔmee. Salomo gblɔ be: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagb. 11:9) Ne ètsɔ wò dzi ɖo Yehowa subɔsubɔ ŋu le wò sɔhɛmenɔɣi la, àxɔ yayra siwo anɔ anyi ɖaa tegbee.—Kron. I, 28:9.

6 Ne èdi “dzɔdzɔenyenye” boŋ ɖe “ɖekakpuinyenye ƒe nu dzodzrowo” teƒe la, ekema àɖe nuxaxa kple taɖui ƒe agba gã la le dziwòlawo dzi. (Tim. II, 2:22) Àdo dzidzɔ na wò ŋutɔ wò dzi. (Lod. 12:25) Vevietɔ wu la, àna Wɔwòla, Yehowa Mawu, nakpɔ dzidzɔ.—Lod. 27:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe