Tɔtrɔyi Be Míaɖe Ame Aɖewo
1 Mawu ƒe didie wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Nukae míate ŋu awɔ ana kpekpeɖeŋu? Wɔ tɔtrɔyiwo kple taɖodzinu be yeafia nyateƒea wo. Nya kae nàgblɔ? Aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa nana ŋu siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.
2 Ne ètrɔ yi dzila si xɔ “Ƒomegbenɔnɔ” ƒe agbalẽa gbɔ la, àte ŋu agatrɔ ɖe nɔnɔmetata si le axa 4 ŋu eye nàbia aƒemenɔla be:
◼ “Esi nègadzro agbalẽ si megblẽ ɖe gbɔwò me eye nèbu paradisonyigba si ŋugbe Mawu do ŋu la, aleke nèse le ɖokuiwò me tso mɔkpɔkpɔ be ƒomegbenɔnɔ anye dzidzɔ le anyigba dzi ŋu?” Ne èse aƒemenɔla ƒe ŋuɖoɖo eye nèƒo nu tso eŋu kpuie vɔ la, àte ŋu ahe susu yi tanya sue si le axa 8 dzi eye nàdoe ɖa be miadzro ta 1 me akpɔ nusi hea ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ.
3 Àte ŋu ayi mia kple sɔhɛ ƒe dzeɖoɖoa dzi ne ègblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo be yeawɔ ŋutifafa ƒe xexe yeye si me ƒomegbenɔnɔ me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ tegbee. Gake biabia lae nye be, Nukae wòle be míawɔ be míadze axɔ yayra siawo? Nya kae nàgblɔ tso eŋu?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 184 eye nàdzro nufiame si le memamã 8 kple 9 me, eye nàte gbe ɖe alesi wòhiã be míatu xɔse sẽŋu ɖo to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me dzi. Ðe alesi wòate ŋu awɔ esia to míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ƒe mɔnukpɔkpɔ ŋudɔwɔwɔ dzi la me.
4 Àte ŋu atrɔ ayi amesi xɔ “Ƒomegbenɔnɔ” ƒe agbalẽa gbɔ agblɔ be:
◼ “Esi meva gbɔwò zi gbãtɔ la, mekpɔ ŋudzedze ɖe alesi nètsɔ ɖe le wò ƒomea me ŋu ŋutɔ. Esi míele agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi ƒe ŋkeke mamlewo me ta la, ele vevie be ƒomewo nayi edzi anɔ dzadzram ɖe etsɔme ŋu. Le esia ta agbalẽ si megblẽ ɖe gbɔwò, Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me, kafui vevie be woadzro Biblia me edziedzi le aƒea me. [Xlẽ memamã 10 le axa 185-6.] Ne anya wɔ la, madi be mawɔ alesi amesiwo le dukɔ abe 200 ene me dzroa Biblia me kple woƒe ƒomea le aƒeme fia wò.” Le ɣeyiɣia ƒe mɔɖeɖe nu la, zã nya siwo le tanya sue si le axa 71 tsɔ fiae nusɔsrɔ̃a wɔwɔ.
5 Àte ŋu ayi dzeɖoɖo tso tameɖoɖo si le “Ƒomegbenɔnɔ” ƒe agbalẽa ŋu dzi ne ègblɔ be:
◼ “Megatrɔ va be mafia nu geɖe wò tso Mawu ƒe tameɖoɖo na ƒomegbenɔnɔ me dzidzɔkpɔkpɔ ŋu.” Ʋu nɔnɔmetata si le axa 12 eye nàxlẽ Mateo 7:24-27, emegbe nàɖe alesi esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖoɖoanyi sesẽ ɖoɖo na srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le la me nɛ. Yi edzi miadzro agbalẽa ƒe ta 2 lia me eye nàtsɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee aɖo eŋkume.
6 Ðo ŋku edzi be taɖodzinu si le tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋue nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. Ne míetrɔ yi amesiwo míena Ƒomegbenɔnɔ kple agbalẽ xoxo bubuwo gbɔ eye míedze nusɔsrɔ̃ gɔme la, anyo be emegbe míahe woƒe susu ayi Sidzedze-gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le koŋ na nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ dzii. Míakpɔ dzidzɔ geɖe ne amesiwo le nu srɔ̃m la srɔ̃ alesi woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa dzi hena ɖeɖekpɔkpɔ.—Dɔw. 2:21.