Yi Edzi Nàgblɔ Nyateƒea
1 Apostoloawo gblɔ be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” (Dɔw. 4:20) Egbea ele be míawo hã míayi edzi agblɔ nyateƒea. Togbɔ be míetoa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mamã dzi kena ɖe amesiwo ase nya la ŋu hã la, hafi míafia nyateƒea geɖe wu ɖetsɔlemetɔwo la, ele be míatrɔ ayi wo gbɔ.
2 Ne ètrɔ yi amesi xɔ April 22 ƒe “Nyɔ!” (Eʋegbetɔ, May 8) si ƒe tanyae nye “Esime Aʋawɔwɔ Maganɔ Anyi O” gbɔ la, àte ŋu ado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe egbɔ ne èbia be:
◼ “Nyitsɔ míeƒo nu tso dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo kple akpa si wɔm subɔsubɔhawo le le wo me ŋu. Ède dzesii be nudzɔdzɔ siawo ɖo kpe edzi ƒã be nusi Biblia yɔ be ŋkeke mamleawo mee míelea? [Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae. Xlẽ ta 11 lia ƒe memamã gbãtɔ, eye nàƒo nu tso nya siwo le aɖaka si le axa 102 me ŋu.] Agbalẽ sia ɖe nyati sia kple 18 bubu siwo woɖo ɖe emenyawo me le afisia me. [Tsɔ axa 3 lia fiae.] Ne àɖe mɔ la, madi be mafia alesi agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia me nya vevi siawo gɔme la wò.” Ne elɔ̃ ɖe edzi la, midze nusɔsrɔ̃ gɔme le axa 6 lia.
3 Ne èdo ŋugbe be yeatrɔ ava ɖe alesi wòanya wɔ be míanɔ agbe si me dedienɔnɔ le fifia me la, àte ŋu agblɔ ale:
◼ “Esi míedo go nyitsɔ la, míedzro Biblia ƒe kpukpui aɖe si na míekpɔ susu si ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si ɖe amegbetɔ ƒe etsɔme ŋu la me. Egbea medi be mahe wò susu ayi nane si fia mí amesi ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be míele dedie fifia la dzi.” Xlẽ Psalmo 4:9. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 168 eye nàxlẽ memamã 19 lia. Emegbe nàbia be: “Àdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye si ana nànya nusi wò hã nàwɔ be dedienɔnɔ sia tɔgbe nasu asiwò le wò agbe mea?” Ne eɖo eŋu be ẽ la, ke midze ta 1 gɔme.
4 Be nàtsɔ amesiwo xɔ May 22 ƒe “Nyɔ!” (Eʋegbetɔ, June 8) akpe ɖe wò magazine ƒe ademɔ ŋu la, àte ŋu ato mɔnu sia dzi:
◼ “Mekpɔ be èdi vevie be yeaxlẽ Nyɔ! ƒe magazine si megblẽ ɖe gbɔwò si ƒo nu tso gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na amee le dɔwɔƒe ŋu. Ðe nyatia xexlẽ do dzidzɔ na wòa? [Na wòaɖo eŋu.] Amesiwo xlẽa Nyɔ! edziedzi gblɔna be yewokpɔ ŋudzedze ɖe alesi wòdzroa nyati vevi siawo tɔgbe me nyuie wòdea toe ŋu. Meka ɖe edzi be àkpɔe nenema le tata yeye sia hã ŋu. [Ƒo nu tso nya si le eƒe akpa dzi ŋu kpuie.] Àdi be yeaxlẽa?” Ðe vevienyenye si le Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi to magazine siawo dzi ŋu me nɛ. Tsɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le Sidzedze-gbalẽa me ɖo eŋkume.
5 Àte ŋu atsɔ nusɔsrɔ̃wɔwɔ aɖo amea ŋkume tẽ le tɔtrɔyi wɔwɔ me ne ègblɔ be:
◼ “Míemãa míaƒe magazinewo le xexeame katã be míana amewo nanya nusi fiam Biblia le la le afisiafi. Ne amewo de asixɔxɔ nusiwo wosrɔ̃ ŋu la, míetsɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ femaxee ɖoa wo ŋkume. [Fia asi aɖaka si nye ‘Àdi be Ame aɖe Nasrã Ye Kpɔa?’ si le Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpa dzi.] Míezãa mɔfiagbalẽ sia si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Na mafia wò kpuie alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae.”
6 Ne míeyi edzi gblɔ nyateƒea la, kakaɖedzi anɔ mía si be ame aɖewo aɖo to eye woawɔ ɖe nya la dzi.—Mar. 4:20.