Kpɔ Viɖe Tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—akpa 2
1 Esi woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le ƒe 1943 megbe kpuie la, Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe ɖeka ka nya ta be: “Ðoɖo nyui sia dze edzi le ɣeyiɣi kpui aɖe me le kpekpe ɖe nɔviŋutsu geɖe siwo bui be yewomate ŋu aƒo nu le dutoƒo gbeɖe o ŋu me be wova bi nyuie le kplɔ̃ta eye wobi ɖe edzi wu le gbeadzi.” Sukua yi edzi le hehe nyui si mí katã míehiã la nam.
2 Biblia Xexlẽ: Menye amesiwo wodea dɔ asi na koe sukua ɖea vi na o. Le nyateƒe me la, wodea dɔ asi na mí katã—si nye kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ. Sukua ƒe ɖoɖowɔɖia fia Biblia ƒe ta siwo míaxlẽ kwasiɖa ɖesiaɖe. Ŋɔŋlɔawo me ŋkuɖodzinya geɖe li siwo te gbe ɖe Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe vevienyenye dzi. (Yos. 1:8; Ps. 1:2; Dɔw. 17:11) Biblia xexlẽ le vevie hena gbɔgbɔ me lãmesẽ nyui me nɔnɔ; enyia susu kple dzi la. Ne míexlẽa Biblia aɖabaƒoƒo atɔ̃ teti gbesiagbe la, míate ŋu azɔ ɖe ɖoɖowɔɖia dzi. Kaka ƒea nawu enu la, míaxlẽ Mawu ƒe Nya la ƒe ta 150 kple vɔ. Ne Biblia le asitsɔƒe na mí la, míate ŋu axlẽ eƒe ɖe gbesiagbe.
3 Nufiamenuƒoa: Bene nuƒola si ƒoa nufiamenuƒoa naʋã nɔviawo be woatsɔ dzonɔameme awɔ subɔsubɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe la, ehiã be wòazã nufiafia ƒe mɔnu nyuiwo bene gɔmesesea nadze, eye wòatu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe Yehowa, eƒe Nya la, kple eƒe habɔbɔa ŋu. Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu awɔ esia ne wodzra ɖo nyuie, wotu woƒe nuƒoa ɖe tanyaa dzi, woƒo nuƒoa kple kakaɖedzi, eye wònya se. (Heb. 4:12) Ele vevie be nuƒola nawɔ ɖe ɣeyiɣi si wonae dzi. Mawunyakpukpui geɖe le “All Scripture” ƒe agbalẽa me eye wòƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nyati nyui geɖe siwo ate ŋu aɖe vi na mí le gbɔgbɔ me ŋu. Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna ƒe egbegbeŋutinyae le Proclaimers-gbalẽa me eye wògblɔ nusiwo dzɔ le ame ŋutɔŋutɔ siwo ɖe xɔse, dzonɔameme, ɖokuitsɔtsɔna, kple lɔlɔ̃ fia la ƒe agbe me. Nu geɖe li míasrɔ̃ le míaƒe teokrasidomenyinu kple alesi Yehowa yra eƒe amewo le fifi ɣeyiɣiwo me ŋu.
4 Biblia me Nyati Veviwo: Nɔviŋutsu siwo wode dɔ sia asi na natia kpukpui tɔxɛ siwo woate ŋu azã le mɔ nyuitɔ si sɔ nu bene wòaɖe vi na hamea. Esia bia be woaxlẽ ta siwo wode asi, ade ŋugble le wo ŋu, ahaku nu me le kpukpui siwo wotia ŋu be woakpɔ nya vevi siwo akɔ mawunyakpukpui mawo ƒe gɔmesese me. “Scripture Index,” le Watch Tower Publications Index ƒe agbalẽa ƒe nuwuwu siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ nyatakakawo le Mawunyakpukpui tɔxɛ aɖewo ŋu. Nɔviŋutsu siwo wɔa akpa sia naɖɔ ŋu ɖo bene woagatsɔ nya siwo mehiã o la akpee o. Mele be woaŋlɔ nu wòawu esi woate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ade awɔ nyuie o.
5 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ate ŋu aɖe vi na mí katã. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzi míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia ƒe ŋutete ɖe edzi. Ðoɖo sia ŋudɔwɔwɔ bliboe akpe ɖe mía ŋu godoo míana míaƒe ‘ŋgɔgbedede nadze ƒã na amewo katã.’—Tim. I, 4:15.