Dzadzraɖo—ena Wokpɔa Dzidzedze
1 Dzadzraɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu do ŋgɔ ana woaɖu heheɖemegbe ƒe seselelãme si ame ase le eɖokui me le gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu dzi. Esi nèle tetem ɖe aƒeawo ŋu la, ànya nya si nàgblɔ na aƒemenɔlaawo. Magahiã be nànɔ vɔvɔ̃m na nɔnɔme sesẽ siwo nàte ŋu ado goe o. Ne ètrɔ gbɔ tso gbeadzi va aƒeme la, dzi adzɔ wò esi nènya be yedze agbagba nyuie le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Nyateƒee, dzadzraɖo nyuie ye ana míabi ɖe edzi le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ŋutetewo me.
2 Paulo te gbe ɖe dzadzraɖo dzi esi wode dzi ƒo na mí be míatsɔ ‘dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la abla míaƒe afɔ gɔme.’ (Ef. 6:15) Míaƒe susu kple dzia dzadzraɖo kpakple dzideƒo ƒe nɔnɔme hekpe ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe amesinɔnɔ ŋu hã le esia me. Ne míedzra ɖo be míagblɔ nyateƒea na amewo la, Fiaɖuƒea ƒe kutsetsewo anye míaƒe agbagbadzedzewo ƒe fetu, si ana míakpɔ dzidzɔ.—Dɔw. 20:35.
3 Alesi Míadzra Ðo ɖe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu: Ele be míatia dzeɖonya si gbɔgblɔ le bɔbɔe na mí, ɖewohĩ tso esiwo ƒe aɖaŋu woɖo le Reasoning-gbalẽa me alo esiwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa mamlea dzi la dome. De ŋugble le ŋɔŋlɔ si ŋudɔ nèɖo be yeawɔ la ŋu nyuie, eye nàtia nya alo nyagbe siwo dzi nèle gbe te ge ɖo atsɔ ana wò nya veviea nadzee. Mehiã be nàlé dzeɖonya la ɖe susu me o; ke boŋ enyo wu be alesi nàwɔe nanɔ susu me na wò, wɔe ɖe wò ŋutɔ wò nyagbewo me, eye nàgblɔe alesi nèsusui be anyɔ wò nyasela ƒe ɖetsɔleme.
4 Tsa agbalẽ si nèɖo be yeana la me, eye nàtia nyati lédziname aɖewo. Tia nya si nèkpɔ be adzɔ dzi na wò anyigbamamã me tɔwo. De ŋugble le alesi nàte ŋu atrɔ asi le wò dzeɖonyaa ŋu be wòasɔ na aƒemenɔla vovovowo la ŋu—ŋutsu, nyɔnu, ame tsitsi, alo sɔhɛ.
5 Ète ewɔwɔ fia mia nɔewo kpɔa? Mia kple ƒometɔwo alo gbeƒãɖela bubuwo miƒo ƒu ne miadzro dzeɖonya siwo awɔ dɔ la me, eye migbugbɔ gagblɔe sesĩe be wòatsi susu me na amesiame. Dze agbagba nàwɔe abe nɔnɔme kple dzeɖoɖonutsitsi ŋutɔŋutɔ siwo nàte ŋu ado goe le anyigbamamãa me lae ene. Numetoto ma atu wò nuƒoƒo tẽ ɖo, adzi wò gbeƒãɖeɖe ƒe nyonyo ɖe edzi, eye dzideƒo asu asiwò.
6 Tsɔ kpe ɖe dzadzraɖo kple wò dzeɖonya me toto ŋu la, ele be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe awu si meɖo be mado la sɔ na gbeadzia? Ke nye dzedzeme ya ɖe? Ðe nusiwo hiãm, kple agbalẽ si ŋudɔ meɖo be mawɔ la le nye agbalẽkploa mea? Ele nɔnɔme nyui mea? Ðe metsɔ nye Reasoning-gbalẽ, traktwo, aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽwo, kpakple nuŋlɔtia?’ Ðoɖo si ŋu wode ŋugble le nyuie do ŋgɔ ana gbeadzisubɔsubɔ ŋkekea natse ku.
7 Ne míewɔ nusianu si míate ŋui tsɔ dzra mía ɖokui ɖo vɔ megbe la, ele be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu be wòana míakpɔ dzidzedze. (Yoh. I, 5:14, 15) Egbɔ kpɔkpɔ nyuie be míedzra ɖo la ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le míaƒe dɔa me, esi ‘míele míaƒe subɔsubɔdɔa nu wum bliboe.’—Tim. II, 4:5.