INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/96 axa 8
  • Gblɔ Nyateƒea Na Hawòvi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gblɔ Nyateƒea Na Hawòvi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Midi Amesiwo Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 5/96 axa 8

Gblɔ Nyateƒea Na Hawòvi

1 Se vevi eveawo dometɔ ɖekae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mat. 22:39) Lɔlɔ̃ sia aʋã mí be míamã nu nyuitɔ kekeake si le mía si—nyateƒe si míekpɔ le Mawu ƒe Nya la me kple mía havi. Esi Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo na Biblia ƒe nyateƒegbedasia me kɔ ɖe edzi ta la, magazine siawo mamã to nudɔdɔwo wɔwɔ na amewo me le May ƒe ɣletia me nye mɔ siwo dzi míato ‘agblɔ nyateƒea na mía haviwo’ la dometɔ ɖeka.—Ef. 4:25.

2 Ne èlé April 22 ƒe “Nyɔ!” (Eʋegbetɔ, May 8) ɖe asi la, àte ŋu adze enana gɔme ne èbia be:

◼ “Nukae nèbu tso xexe aɖe si me aʋawɔwɔ manɔ o ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Ènya be xexemesubɔsubɔhawo doa aʋawɔwɔ kple amewuwu ɖe ŋgɔ veviea? [Na wòaɖo eŋu.] Gake se nusi Biblia gblɔ be Mawu ƒe subɔla vavãwo awɔ ɖa.” Xlẽ Yesaya 2:2-4 le magazine la ƒe axa 4 lia ƒe tame, eye nàxlẽ memamã gbãtɔ si le tanya sue si nye “Ameyɔyɔ si Yi Na Ŋutifafalɔ̃lawo” te le axa 10. Emegbe nàbia be: “Enya alesi Mawu le esia wɔ gea? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le magazine sia me, xɔ esia nàxlẽ.” Yi edzi nàɖe nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa me nɛ.

3 Ne May 15 “Gbetakpɔxɔ” nam nèle la, dze agbagba nàhe eƒe susu ayi nane si dzɔ nyitsɔ laa si na amewo se le wo ɖokui me be yewomele dedie o la dzi, eye nàbia be:

◼ “Nukae nèbu be ehiã hafi míase le mía ɖokui me be míele dedie vavã le agbe sia me? [Na wòaɖo eŋu.] Ne míagblɔe tututu la, ɖe wòanyo be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu be woakpɔ kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea gbɔa? [Na wòaɖo eŋu; eye nàxle Psalmo 146:3.] Emegbe hakpala la na susu si ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si ɖe etsɔme ŋu la mí. [Xlẽ Psalmo 146:5, 6.] Nyati sia si gblɔ be ‘Dedienɔnɔ Vavãtɔ Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me’ ɖe nusita míate ŋu aka ɖe Yehowa Mawu dzi be ahe nɔnɔme nyuiwo ava anyigba dzii la me.” Tsɔ magazinewo nɛ eye nàfiae alesi wòawɔ nudɔdɔwo. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yewoayi numedzodzroa dzi.

4 Nya si le May 22 ƒe “Nyɔ!” (Eʋegbetɔ, June 8) ƒe akpa dzi anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme le aƒeme yi aƒeme dɔa me kple le anyigbamamã siwo me dɔwɔƒewo bɔ ɖo siaa me. Àte ŋu aƒo nu tso eŋu be:

◼ “Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na amee nye nusi doa ŋɔdzi na nyɔnu geɖe le dɔwɔƒewo. Eva do ŋkubiã ale gbegbe be ʋɔnudrɔ̃ƒewo le to hem na agɔdzelawo eye wole fe xem na fukpelawo ɖe nusi wògblẽ le wo ŋu ta. Míeta nyatakaka sia si klo nu le alakpanya siwo wogblɔna tsoa nya sia ŋu dzi be wòakpe ɖe míaƒe nutoa me nɔlawo ŋu. Eɖo aɖaŋu nyuiwo hã na nyɔnuwo kple ŋutsuwo le alesi woakpɔ wo ɖokui ta be woagatsɔ gbɔdɔdɔ aɖe fu na wo alo woagatso wo nu be wotsɔe ɖe fu na ame o ŋu. Àdi be yeaxlẽ Nyɔ! ƒe tata siaa?” Na wòaɖo eŋu. Ƒo nu tso nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa ŋu nɛ eye nàtsɔ magazine la nɛ agblɔ be: “Ne megatrɔ va la, madi be míadzro nya la me ayi ŋgɔe.

5 Ne èdi be yeagblɔ nya kpui aɖe la, ate ŋu ate enanamɔnu sia kpɔ:

◼ “Ame geɖe kpɔe be egbegbe magazine nyanyɛwo ƒoa nu tso asitsatsa, gbɔdɔdɔ alo ŋutasesẽ ŋu fũ akpa. [Tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! fiae.] Míele magazine nyui siawo siwo wotu ɖe Biblia dzi mãm na amewo. Nufiame geɖe le wo me eye wofiaa alesi míasubɔ Mawu, alɔ̃ mía haviwo, eye míanɔ agbe dzadzɛ la mí. Menya be adzɔ dzi na wò be nàwɔ nudɔdɔ ne nusiawo tɔgbe dim nèle be yeaxlẽ.”

6 Ne míedoa vevie nu le nyateƒea gbɔgblɔ na mía haviwo me la, míate ŋu ahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na ame geɖe.—Dɔw. 8:4, 8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe