INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/96 axa 1
  • Kpe Ðe Wo Ŋu Be Woagava Subɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Wo Ŋu Be Woagava Subɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègaŋlɔ Ame Siwo Dzudzɔ Gbedzidede Be O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Mikpe Ðe Wo Ŋu Woatrɔ Ava Alẽha La Me Kaba!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mitrɔ Va Gbɔnye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 6/96 axa 1

Kpe Ðe Wo Ŋu Be Woagava Subɔ

1 Esi apostolo Paulo de dzesi nusi ate ŋu anye gbɔgbɔmefɔku na ehati Kristotɔwo la, eŋlɔ bena: “Gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mí wu tsã, esime míexɔ se la.” (Rom. 13:11) Paulo tsi dzi ɖe nɔvia siwo nɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e dɔm la ŋu; edi vevie be yeagade dzo wo me ne woagabiã ŋku ɖe dɔ ŋu.

2 Míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be zã tsi na xexe xoxo sia eye xexe yeyea ƒe ŋu ake kpuie. (Rom. 13:12) Mía tɔ dzɔ be míatsi dzi ɖe mía nɔvi nyanyuia ƒe gbeƒãɖela siwo dzudzɔ hadede kpli mí la ŋu. Ƒe si va yi me le Ghana ɖeɖe dzaa la, wogade dzo gbeƒãɖela siwo wu 400 me. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubu siwo gbɔdzɔ ŋu be woagava subɔ Yehowa?

3 Nusi Hamemegãwo Ate Ŋu Awɔ: Amesiwo gbɔdzɔ ƒe akpa gãtɔ medo le nyateƒea me o; ɖeko wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe le dziɖeleameƒo, ame ŋutɔ ƒe kuxiwo, ŋutilãmenudidi, alo agbemedzimaɖitsitsi bubuwo ta. (Luka 21:34-36) Ne anya wɔ la, anyo wu sã be miakpe ɖe wo ŋu hafi woava gbɔdzɔ kura. Ele be hamea ƒe agbalẽŋlɔla nana nyanya Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla ne gbeƒãɖela aɖe megabua akɔnta le subɔsubɔdɔa ŋu edziedzi o. Miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ŋu. Hamemegãwo nadze agbagba anya nusi gbɔ koŋ kuxia tso kple alesi woate ŋu ana kpekpeɖeŋui.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ September 15, 1993, axa 20-3.

4 Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui: Mía dometɔ geɖe míedze si ame aɖe si gbɔdzɔ. Ðewohĩ míaƒe zɔhɛ vevi amea nye tsã. Nukae míate ŋu awɔ akpe ɖe eŋu? Àte ŋu ato egbɔ ava srãe kpɔ kpuie. Gblɔ nɛ be yele esusum ŋutɔ. Ðo dzidzɔmo eye nàƒo nu tso nu nyuiwo ŋu. Ðe alesi nètsi dzi ɖe eŋui fia gake mègagblɔ nɛ be edze dɔ le gbɔgbɔ me o. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo alo nu nyui bubu siwo hamea le wɔwɔm ŋu nyawo nɛ. Tsɔ dzonɔameme ƒo nu tso ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ kple “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo le mía ŋgɔ ŋu eye nàde dzi ƒo nɛ be wòayi. Hadede kple hamea ake ate ŋu akpe ɖe eŋu wu nu bubu ɖesiaɖe. Gblɔ nɛ be yeava to egbɔ ne yewoayi nusrɔ̃ƒe. Na hamemegãwo nanya alesi wòwɔ nu ɖe ŋuwò.

5 Ne amesi gbɔdzɔ gava kpekpewo la, anɔ eme be anɔ ŋu kpem ne edo go ame bubu siwo wònya tsã. Mègabiae be, “Afikae nèyi?” o. Ke boŋ na eƒe dzi nadze eme be woxɔ ye. Ðo dze kplii. Ðee fia amesiwo medze si o. Nɔ egbɔ le kpekpea me, eye nàkpɔ egbɔ be hadzigbalẽ kple agbalẽ si srɔ̃m wole la le esi. De dzi ƒo nɛ be wòagava, eye nàna kpekpeɖeŋui ne ehiã.

6 Esi Yehowa kple Yesu lɔ̃ amesiwo tra mɔ vevie ta la, dzi dzɔa wo ne agbe gaɖo amesiawo ŋu le gbɔgbɔ me. (Mal. 3:7; Mat. 18:12-14) Dzidzɔ ma tɔgbe ate ŋu asu míawo hã si ne míekpɔ dzidzedze le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo be woagava subɔ Yehowa ake me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe