Ète Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kpɔa?
1 Mí katã míekpɔa dzidzɔ ne míaƒe dɔwo le ku tsem. Gake ne míekpɔe be nu nyui aɖeke mele dodom tso eme o la, dɔa wɔwɔ tia mí eye míekpɔa dzidzɔ o. Míekpɔa viɖe tso dɔ nyui wɔwɔ me, eye yayrae esia nye. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 3:10-13.) Míate ŋu azã gɔmeɖose sia na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ne míetso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu eye míete ŋu ɖo dze kple amewo tso Biblia me la, míegbɔna vaa aƒeme eye míaƒe dzi dzea eme le gbɔgbɔ me. Míesenɛ le mía ɖokui me be míete ŋu wɔ nane vavã.
2 Le teƒe aɖewo la, eva sesẽ ŋutɔ be woake ɖe amewo ŋu le aƒeme le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me. Nyatakakawo fia be le teƒe geɖe la, amesiwo wu 50 le alafa me menɔa aƒeme ne míeyi wo gbɔ le ŋdi me o. Hame geɖe kpɔ kuxi sia gbɔ to ɖoɖo wɔwɔ ɖe fiẽsiɖaseɖiɖi ŋu me, eye wokpɔ dzidzedze geɖe. Gbeƒãɖelawo ka nya ta be esi yewoyi le fiẽ me la, ame geɖe nɔ aƒeme, eye zi geɖe la, amewo ɖea dzi ɖi wu eye wolɔ̃na be yewoase Fiaɖuƒegbedasia wu. Ète fiẽsiɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ le wò anyigbamamã me kpɔa?—Tsɔe sɔ kple Marko 1:32-34.
3 Miwɔ Ðoɖo Ðe Fiẽsiɖaseɖiɖi Ŋu: Nɔviwo kpe asi ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi si wowɔna le ɣetrɔ me alo fiẽsi me ŋu le teƒe aɖewo nyuie. Miate ŋu abu sɔhɛ gbeƒãɖela siwo kpã tso suku le ŋdɔ me kple ame tsitsi siwo kpã tso dɔme le fiẽsi me ŋu ne miele ɖoɖoa wɔm. Gbeƒãɖela aɖewo siwo mete ŋu dea gbeadzi le kwasiɖanuwuwuwo o la kpɔe be fiẽsiɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ nye mɔ nyui si dzi yewoato akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi.
4 Dɔ geɖe li nàte ŋu awɔ le fiẽsiɖaseɖiɖidɔa me. Àte ŋu atsɔ magazinewo aɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme alo azã ɣletia ƒe agbalẽnunana. Fiẽsi nye ɣeyiɣi nyui si wòle be míayi amesiwo menɔ aƒeme esi gbeƒãɖelawo yi wo gbɔ le ŋdi me alo kwasiɖanuwuwu o la gbɔ. Ðewohĩ anyigbamamã la ƒe akpa aɖe anyo na ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ, si ana mɔnukpɔkpɔ wò nàdo go amesiwo kpã tso dɔ me gbɔna aƒeme. Ame geɖe kpɔe be fiẽsi nye ɣeyiɣi nyuitɔ si yewoatsɔ atrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ.
5 Ðɔ Ŋu Ðo eye Nàdze Aɖaŋu: Afɔku ate ŋu anɔ dodo le fiẽsi me alo le zã me me le teƒe aɖewo. Anyo be ame eve nazɔ alo woazɔ le ƒuƒoƒo me le ablɔ siwo dzi kɔ nyuie la dzi eye woage ɖe aƒe siwo kakaɖedzi li be anɔ dedie ko me. Ne èƒo ʋɔa la, tsi tre ɖe afisi woate ŋu akpɔ wò le, eye nàɖe ɖokuiwò nu eme nakɔ. Lé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu. Ne èkpɔe be ɣeyiɣi si nèyi mesɔ o, ɖewohĩ ƒomea le nu ɖum la, gblɔ be yeagatrɔ ava ɣebubuɣi. Zi geɖe la, anyo be nàɖi ɖase le fiẽsi me tsɔ wu be nàyi ameawo gbɔ esi zã do fũ akpa, ɖewohĩ esi aƒemenɔlawo yina anyi mlɔ ge.
6 Vevietɔ fiẽ siwo me dzinu le ɖiɖim nyuie la sɔ na fiẽsiɖaseɖiɖi le teƒe geɖe. Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi godoo esi míeyi edzi le ‘subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Mawu zã kple keli.’—Nyaɖ. 7:15.