INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/12 axa 1
  • Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Mea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Atrɔ Asi le Wò Ðoɖowɔɖi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ète Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kpɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 10/12 axa 1

Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Mea?

1. Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, ɣekaɣiwoe apostolo Paulo wɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa?

1 Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be apostolo Paulo wɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa “tso ɣetrɔ ga 4 va se ɖe zãtiƒe ke.” (Daily Life in Bible Times [Gbe Sia Gbe Nuwɔnawo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me]) Míenya ne ɖoɖowɔɖi si koŋ dzi Paulo zɔna ɖo ye nye ema o, gake míenya be Paulo lɔ̃ be ‘yeawɔ nuwo katã le nya nyui la ta.’ (1 Kor. 9:19-23) Asitɔtrɔ le eƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu be wòate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le ɣeyiɣi siwo me wòate ŋu ake ɖe ame geɖe ŋu hã anɔ eme.

2. Nu ka tae fiẽsiwo nye ɣeyiɣi nyui aɖe si me míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me?

2 Le teƒe geɖe la, enye numame na gbeƒãɖelawo be woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le ŋdiwo me le kwasiɖaa me. Ke hã ɖe esia gakpɔtɔ nye ɣeyiɣi nyuitɔ le miaƒe nutoa mea? Mɔɖela aɖe gblɔ le eƒe anyigbamama ŋu be: “Ƒãa hafi mekena ɖe ame aɖe ŋu le aƒe me le ŋkeke me. Gake ame akpa gãtɔ nɔa aƒe me le fiẽsiwo me.” Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake ɖi na mí be míatsɔ nya nyuia ayi na ŋutsuwo koŋ. Zi geɖe la, aƒemenɔlawo ɖea dzi ɖi wu eye wodina be yewoaɖo dze. Ne esia aɖe vi le miaƒe nutoa me la, hamemetsitsiwo nawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi le fiẽsiwo me ŋu.

3. Aleke míate ŋu awɔ nuŋububu nyui ŋu dɔ ne míele fiẽsiɖaseɖiɖidɔa wɔm?

3 Wɔ Nuŋububu Nyui Ŋu Dɔ: Ne miele fiẽsiɖaseɖiɖidɔa wɔm la, ele vevie be miabu nuwo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne miede dzesii be ɣeyiɣia mesɔ na aƒemenɔlaa o, ɖewohĩ ele nu ɖum la, anyo wu ne miegblɔ nɛ be yewoatrɔ ava egbɔ ɣebubuɣi. Ne xexea me tsyɔ hafi mieyi la, mitɔ ɖe afi si aƒemenɔlaa ate ŋu akpɔ mi le, eye miɖe mia ɖokui nu kaba ahagblɔ susu si ta mieva egbɔ ɖo la nɛ. Nunya le eme hã be miawɔ dɔ eveve alo le ƒuƒoƒo me eye miaɖe gbeƒã le mɔ siwo dzi akaɖiwo le nyuie, afi si miawo ɖeɖe miaɖe ɖe aga le o, la dzi. Migayi amewo gbɔ ne zã do akpa o, ale be miagaɖe fu na aƒemenɔla siwo le dzadzram ɖo be yewoamlɔ anyi la o. (2 Kor. 6:3) Ne nuto aɖe me menɔa dedie ne xexea me tsyɔ o la, ke miɖe gbeƒã le afi ma le ɣetrɔwo me.—Lod. 22:3.

4. Yayra kawoe dona tso fiẽsiɖaseɖiɖidɔa me?

4 Yayrawo: Míekpɔa dzidzɔ geɖe wu le gbeadzi ne míeke ɖe amewo ŋu heɖi ɖase na wo. Eye zi ale si míeɖi ɖase na amewo la, zi nenemae mɔnukpɔkpɔwo aʋu ɖi na mí be míakpe ɖe wo ŋu be “[woakpɔ ɖeɖe], eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Àte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu be nàkpɔ gome le fiẽsiɖaseɖiɖidɔa mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe