INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/06 axa 8
  • Àte Ŋu Atrɔ Asi le Wò Ðoɖowɔɖi Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Atrɔ Asi le Wò Ðoɖowɔɖi Ŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ète Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kpɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Amesiwo Dze la Didi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 4/06 axa 8

Àte Ŋu Atrɔ Asi le Wò Ðoɖowɔɖi Ŋua?

1. Nukata wòle be míatrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖi ŋu hena gbeƒãɖeɖe le ɣeyiɣi bubuwo me?

1 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míelɔ̃ be míawɔ ‘amewo ɖeɖedɔ’ si wode mía si la. (Mat. 4:19) Abe alesi wòle le tɔƒodelawo gome ene la, míakpɔ dzidzedze geɖe wu le ameɖeɖedɔa me ne míewɔ ɖoɖo be míaɖe gbeƒã le ɣeyiɣi si me míate ŋu ake ɖe ame geɖe wu ŋu. Le dukɔ geɖe me la, ŋkeke adidi wu zã le ɣleti siwo gbɔna me. Ame geɖe nɔa aƒeme le ɣetrɔwo kple fiẽsiwo me. Ɣemaɣiwo la, wokpɔa asinu vie eye woate ŋu axɔ mí nyuie wu. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi ŋu be nàyi gbeadzi le ɣeyiɣi mawo mea?—Kor. I, 9:23.

2. Mɔ kawo dzie míate ŋu ato atsɔ nyanyuia aɖo ame geɖe wu gbɔe?

2 Ðaseɖiɖi le Fiẽsiwo Me: Ðoɖowɔwɔ be míayi gbeadzi le fiẽsiwo me ana míatsɔ nyanyuia ayi na ame geɖewo wu. (Lod. 21:5) Sɔhɛwo ate ŋu ayi gbeadzi ne wogbɔ tso suku. Ame bubuwo ate ŋu ayi gbeadzi ne wokpã tso dɔme. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be yewoanɔ gbeadzi yim gaƒoƒo ɖeka do ŋgɔ na agbalẽ me nusɔsrɔ̃a.

3. Gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovo kawoe miate ŋu awɔ le miaƒe anyigbamama me le ɣetrɔ kple fiẽsiwo me?

3 Gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme le ɣetrɔwo kple fiẽsiwo me ate ŋu ana míaƒo nu kple amesiwo míetuna le aƒeme le ŋkekea me o. Ðaseɖiɖi le ablɔwo dzi kple teƒe bubu siwo amewo sɔa gbɔ ɖo anya wɔ le fiẽsiwo me le anyigbamama geɖe me. Eye ame geɖe kpɔe be fiẽsiwo sɔ ŋutɔ na tɔtrɔyiwo wɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze.

4. Nukatae wòle vevie be míaɖɔ ŋu ɖo ahawɔ nu le nunya me ne míele ɖase ɖim le fiẽsiwo me?

4 Ŋuɖɔɖɔɖo Hiã: Ne míele ɖase ɖim le fiẽsiwo me la, ehiã be míaɖɔ ŋu ɖo nyuie. Zi geɖe la, anyo be míayi gbeadzi tso ɣetrɔ vaseɖe fiẽsiwo me ko, tsɔ wu be míayi le zã me esime alɔ̃ anɔ aƒemenɔlawo tsɔm. (Fil. 4:5) Ne èdo agoo la, tɔ ɖe ŋkukpɔƒe, eye nàɖe ɖokuiwò nu nyuie. Gblɔ afɔ si dzi nèle enumake. Ne ɣeyiɣia mede amea dzi o, le kpɔɖeŋu me, ne nu ɖumee wòle la, do taflatse eye nàbia be yeagatrɔ ava ɣebubuɣi. Ðe ameŋububu fia ɣesiaɣi.—Mat. 7:12.

5. Aleke míate ŋu aƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ado afɔku mí ne míele ɖase ɖim le fiẽsi me?

5 Ehiã be míanɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme siwo ate ŋu ado afɔku mí hã ŋu. Ne xexeame le tsyɔtsyɔm alo viviti do hafi nèbe yeayi gbeadzi la, anyo be nàyi kple ame aɖe alo mianɔ ha me. Minɔ ablɔ siwo dzi akaɖi le nyuie eye womeɖe ɖe aga o la dzi. Miɖi ɖase le teƒe siwo mianɔ dedie le ko. Migayi teƒe siwo afɔku ate ŋu anɔ ne viviti do la o.—Lod. 22:3.

6. Vi kawoe ɖaseɖiɖi le ɣetrɔ kple fiẽsiwo me ɖena?

6 Ðaseɖiɖi le ɣetrɔ kple fiẽsiwo me naa mɔnukpɔkpɔ mí be míade gbeadzi kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo kple gbesiagbe mɔɖelawo. (Rom. 1:12) Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi ŋu be nàkpɔ gome le fiẽsiɖaseɖiɖidɔa mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe