Amekae Dze Aɖe Gbeƒã?
1 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ abe Mose ene le subɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Egblɔ be: “Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.” (Mose II, 4:10) Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, ke ànɔ hehem ɖe megbe le gbeƒãɖeɖe ŋu. Gake Yesu ‘de se na mí be míaɖe gbeƒã eye míaɖi ɖase tsitotsito.’ (Dɔw. 10:42) Eyata aleke míawɔ adze aɖe gbeƒã nyanyuia?
2 Menye sukudede yi ŋgɔe naa míedzena na subɔsubɔdɔa wɔwɔ o. Paulo gblɔ be “menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o” eye be “xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ.” (Kor. I, 1:26; 3:19) Ame tsɛwo domee Yesu tia eƒe apostoloawo tsoe—wo dometɔ ene ya teti nye tɔƒodelawo. Subɔsubɔhakplɔla dadalawo bu wo vlodoametɔe be wonye “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo.” Ne wotsɔ xexeame ƒe dzidzenuwo bu wo ŋui la, apostoloawo medze aɖe gbeƒã o. Gake nuƒo si Petro ƒo abe agbalẽnyala gã aɖe ene le Pentekoste-ŋkekea dzi ʋã ame 3,000 wobia be woanyrɔ yewo!—Dɔw. 2:14, 37-41; 4:13.
3 Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu be Míadze Aɖe Gbeƒã: Paulo gblɔ be: “[Míaƒe dzedze nyuie] la tso Mawu gbɔ.” (Kor. II, 3:5) Yehowa, amesi nye Nunyadzɔtsoƒe, fia nu ame miliɔn geɖe be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nyateƒea na amewo. (Yes. 54:13) Míakpɔ dɔ sia wɔwɔ ƒe nyonyome kple eƒe kutsetse le ame 338,491 siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si va yi me eye wonye “kafukafugbalẽ” gbagbewo la me. (Kor. II, 3:1-3) Esɔ le go ɖesiaɖe me be míatsɔ dzideƒo kple kakaɖedzi aɖe gbeƒã nusiwo míesrɔ̃ le Yehowa ŋu.
4 Mawu ƒe habɔbɔa wɔ dukɔwo dome hehenana subɔlawo ƒe ɖoɖo aɖe. Wotoa Ŋɔŋlɔawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽ hamehame dzi fiaa nu mí eye wohea mí be ‘míade blibo, anɔ dzadzraɖoɖi’ hena gbeƒãɖeɖe. (Tim. II, 3:16, 17) Nunya deŋgɔ si dzena le Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, Swedentɔwo ƒe magazine aɖe gblɔ be: “Agbalẽnyanya deŋgɔ kple nunyanya tso dukɔwo dome nyawo ŋu si ŋu Biblia nyanya kpe ɖo la da megbe na xɔse si ƒe gbeƒã Yehowa Ðasefowo ɖena.”
5 To mɔfiame siwo wonaa mí le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe atɔ̃awo me, míaƒe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo, aɖaŋu siwo woɖona na mí le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, kpekpeɖeŋu si subɔla siwo kpɔ nuteƒe wu nana mí, eye ƒo wo katã ta, le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe megbenɔnɔ na mí me la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa bua mí be míedze bliboe aɖe gbeƒã. “Vavãnyenye me kple Mawu me míetsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe [ŋkume] le Kristo me.”—Kor. II, 2:17.
6 Ne míewɔa teokrasi hehenana si Mawu nana to eƒe habɔbɔa dzi ŋudɔ bliboe la, ke mele be míahe ɖe megbe alo vɔvɔ̃ naɖo mí o. Míate ŋu aɖe gbeƒã na amewo kple dzidzɔ, eye kakaɖedzi anɔ mía si be Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi.—Kor. I, 3:6.