INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/10 axa 1
  • Ðe Nye Hã Mate Ŋu Aɖe Gbeƒãa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nye Hã Mate Ŋu Aɖe Gbeƒãa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Dze Aɖe Gbeƒã?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Míesu Te Blibo Be Míanye Mawu Ƒe Nya Fialawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Kpɔɖeŋu si Wòle Be Míasrɔ̃ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • ‘Dze Eƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 1/10 axa 1

Ðe Nye Hã Mate Ŋu Aɖe Gbeƒãa?

1. Nu ka tae mele be míase le mía ɖokui me be míedze aɖe gbeƒã o?

1 Ne èsena le ɖokuiwò me be yemate ŋu aɖe gbeƒã nyuie o hã la, lé dzi ɖe ƒo! Menye suku si gbegbe míede alo ŋutete si le mía si ye nana míetea ŋu ɖea gbeƒã nyuie o. Wogblɔ le nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ aɖewo ŋu be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.” Gake wote ŋu ɖe gbeƒã nya nyui la nyuie, elabena woɖoe kplikpaa be yewoadze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome.—Dɔw. 4:13; 1 Pet. 2:21.

2. Nu siwo ɖe dzesi le Yesu ƒe nufiafia ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

2 Ale Si Yesu Fiaa Nui: Ne ele nu fiam la, eƒe nyawo nɔa bɔbɔe, wo me kɔna, eye wo gɔme nya sena bɔbɔe. Nya siwo wòbiana, kpɔɖeŋu siwo wòwɔna kple ŋgɔdonya bɔbɔe siwo wòzãna la nana amewo dina be yewoaɖo toe. (Mat. 6:26) Etsɔ ɖe le eme na amewo vevie. (Mat. 14:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eka ɖe nya siwo wògblɔna la dzi, eye amewo hã kana ɖe eƒe nyawo dzi, elabena enyae be Yehowa de dɔ asi na ye hena ŋusẽ ye be yeatsɔ awɔe.—Luka 4:18.

3. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔa dea goe?

3 Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu: Míaƒe Nufiala Gã la toa eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi naa hehe si hiã la mí be míaɖe gbeƒã nya nyui la nyuie. (Yes. 54:13) Esi Yehowa na woŋlɔ ale si Yesu fia nui la ɖi na mí ta la, míate ŋu anya mɔnu siwo wòzã la ahasrɔ̃ wo. Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la mí, eye wòtoa kpekpeawo dzi naa hehe mí. (Yoh. 14:26) Ena gbeƒãɖela bibiwo hã le hamea me, ale be míesrɔ̃a nu tso wo gbɔ, eye wokpena ɖe mía ŋu míezua gbeƒãɖela bibiwo.

4. Nu ka tae wòle be míase le mía ɖokui me be míedze aɖe gbeƒã nya nyuia?

4 Ele be míase le mía ɖokui me be míedze aɖe gbeƒã, elabena “míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ.” (2 Kor. 3:5) Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míewɔa ɖoɖo nyui siwo katã wòwɔ na mí la ŋu dɔ ɣesiaɣi la, ekema míanɔ “dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—2 Tim. 3:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe