INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 8
  • Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawo Hã Nade Bubu Mía Wɔla la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 8

Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi

1 Mí Katã Míedina Be Míakpɔ Dzidzɔ Le Nusi Wɔm Míele Me Eye Míedi Be Nu Nyui Aɖe Nado Tso Eme, Vevietɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me. Nukae Naa Dzidzeme Ma Mí? Kakaɖedzi Ƒe Nɔnɔme Si Míatsɔ Awɔ Dɔ Nyui Si Nye Be Míakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Veviedodotɔe Ye Henɛ Vɛ. (Lod. 11:25) Ele Be Alesi Míegblɔa Nyanyui Lae La Naɖee Afia Be Míexɔ Nusi Gblɔm Míele Dzi Se Nyateƒe. Ne Míeƒoa Nu Tso Dzime La, Míaƒe Anukwareɖiɖi Kple Mía Ŋutɔwo Ƒe Kakaɖedzi Adze. (Luka 6:45) Ne Míeto Míaƒe Dzeɖonyawo Me La, Kakaɖedzi Geɖe Wu Anɔ Mía Si Ne Míele Nu Ƒom Na Amewo Le Anyigbamamã La Me. Esia Aɖe Vi Ŋutɔ Le September Me Ne Míele Agbalẽ Si Nye Life—how Did It Get Here? By Evolution Or By Creation? Nam. Ðewohĩ Àkpɔe Be Aɖaŋuɖoɖo Siwo Gbɔna Akpe Ðe Mía Ŋu Be Míatsɔ Kakaɖedzi Agblɔ Nyanyui Lae.

2 Ne èle “Creation” ƒe agbalẽa nam la, àte ŋu agblɔ nya sia ne èyi zi gbãtɔ:

◼ “Esi míeɖo dze kple míaƒe aƒelikawo la, míekpɔe be wo dometɔ aɖewo xɔ Mawu dzi se. Esesẽ na ame bubuwo be woaxɔ edzi ase. Ke wò ya ɖe? [Na wòaɖo eŋu.] Se alesi Biblia dzro nya sia mee ɖa. [Xlẽ Romatɔwo 1:20.] Míate ŋu akpɔ kpeɖodzi le Mawu ƒe ‘ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye’ ŋu to ŋkuléle ɖe nusiwo wòwɔ ŋu me.” Xlẽ memamã mamlɛtɔ le Creation-gbalẽa ƒe axa 48, eye nàhe susu ayi alesi lãmenugbagbevi wɔ nukui dzi. Alo zã memamã 18 si le axa 147 nàtsɔ afia alesi tsi toa ati me nukutɔe si fia be Wɔla aɖee wɔe. Tsɔ agbalẽa nɛ ɖe nudzɔdzɔ si míexɔna ɖe eta dzi.

3 Ne ètrɔ yi amesiwo nèdzro Mawu ƒe Wɔlanyenye me kple gbɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia:

◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso nusi ɖo kpe edzi be Mawu li ŋu—si nye eƒe nuwɔwɔ wɔnuku la. Ðe wòsesẽ be nàxɔ ase be Amesi wɔ xexeame katã la tsɔ ɖe le míaƒe etsɔme hã mea? [Na wòaɖo eŋu.] Adzɔ dzi na wò be nànya be Wɔla la wɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu xoxo.” Xlẽ Yesaya 46:9, 10. Le alesi amea ɖe ɖetsɔleme fiae nu la, zã nɔnɔmetata siwo le Creation-gbalẽa ƒe ta 19 kple nuŋɔŋlɔ siwo le eŋu nàƒo nu tso nɔnɔme nyui siwo ŋugbe Mawu do ŋu. Xlẽ ta 20 lia ƒe memamã 1, eye nàgblɔ be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii. Ne elɔ̃ la, ke midze nusɔsrɔ̃a gɔme le Sidzedze-gbalẽa me.

4 Àte ŋu azã dzeɖonya sia ne èle “Creation” ƒe agbalẽa nam:

◼ “Esi meɖo dze kple amewo le nutoa me la, mekpɔe be nuto si me dedienɔnɔ le kple xexe si me ŋutifafa le dzroa wo vevie. Nukae nèbu be eyae na amegbetɔ mete ŋu he nɔnɔme siawo vɛ o? [Na wòaɖo eŋu.] Dziɖula aɖewo ate ŋu aɖi anukware eye woawɔ nu nyui aɖewo, gake se aɖaŋu si Biblia ɖo nunyatɔe ɖa.” Xlẽ Psalmo 146:3, 4; emegbe nàbia be: “Ðe ame aɖe li si ate ŋu akpɔ amegbetɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔa?” Xlẽ kpukpui 5 kple 6. Tsɔ nɔnɔmetata si le Creation-gbalẽa ƒe axa 251 fiae, eye nàhe susu ayi viɖe siwo le Mawu ƒe dziɖuɖu me dzi. Tsɔ agbalẽa nɛ, eye nàgblɔ tɔtrɔyi ƒe ɖoɖo si le mía si nɛ.

5 Ne Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋue mieɖo dze tsoe zi gbãtɔ la, ke àte ŋu azã aɖaŋuɖoɖo sia ne ètrɔ yi:

◼ “Esi meva afisia ŋkeke ʋee aɖewoe nye sia la, míeƒo nu tso alesi amegbetɔ mete ŋu he ŋutifafa vavãtɔ va anyigba dzii o ŋu. Àɖo ŋku edzi be míekpɔ nusi Biblia gblɔ be eyatae wodo kpo nu ɖo la. [Gaxlẽ Psalmo 146:3.] Èkpɔ nusita Mawu xlɔ̃ nu mí be míagada míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo dzi oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be ne mɔkpɔkpɔ aɖe li be woaɖɔ nuwo ɖo keŋkeŋ la, ke Mawu gbɔe wòatso. Psalmo 146:10 gblɔ nusita míate ŋu aka ɖe esia dzi. [Xlẽe.] Ne míedi be míanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo la, nuka wòle be míawɔ?” Ʋu Creation-gbalẽa ƒe axa 250, xlẽ memamã 13, eye nàte gbe ɖe Yohanes 17:3 dzi. Gblɔ be yeawɔ alesi Biblia sɔsrɔ̃ na sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me su ame miliɔn geɖe sii la fiae. Ne elɔ̃ la, ɖe Sidzedze-gbalẽa ɖe go eye miadze esɔsrɔ̃ gɔme.

6 Ne èle dɔ wɔm tso fiase me yi fiase me le “Creation” ƒe agbalẽa nam la, àte ŋu agblɔ nya kpui sia:

◼ “Míele dɔ vevi aɖe wɔm na asitsala siwo le nutoa me egbea. Hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ ƒe dzidziɖedzi le míaƒe nutoa me na mí katã míetsi dzi. Èbu be ame aɖe li si akpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Mawu akpɔ egbɔ.” Ʋu Creation-gbalẽa ƒe axa 196; xlẽ Lododowo 2:21, 22 si le memamã 19 lia me eye nàƒo nu tso eŋu. Tsɔ ta 16 lia ƒe tanya fiae, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.

7 Ne ètrɔ yi asitsala si xɔ “Creation” ƒe agbalẽa gbɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia:

◼ “Esi meva nyitsɔ la, megblɔ be Mawu ɖeka koe akpɔ hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ ƒe kuxia gbɔ keŋkeŋ. Le ŋugbe si wòdo nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be anyigba si dzi ŋutifafa anɔ la ava. Se tiatiawɔwɔ si wotsɔ ɖo mía dometɔ ɖesiaɖe ŋkume ɖa.” Xlẽ memamã 11 lia le Creation-gbalẽa ƒe axa 250, kple Psalmo 37:37, 38 hã. Ƒo nu tso nɔnɔmetata si le axa 251 ŋu, eye nàxlẽ nyagbe gbãtɔ le memamã 14 lia me. Gblɔ be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii femaxee le woƒe dɔwɔƒe loo alo le wo ƒeme.

8 Esi míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” la, nusita kakaɖedzi anɔ mía si ne míele nyanyuia gblɔm la, le mía si. (Kor. I, 3:9) Ne nɔnɔme sia le mía si ɣesiaɣi la, ana Yehowa nayra mí geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe