Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae
1 Míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodowo ŋu fiana to dzi blibo si míetsɔ kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la me. Ele be míatsɔ hiahiã kpata ƒe susu awɔ dɔ sia. Nukatae? Elabena dɔwɔlawo mede ha o, nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum, eye amesiwo le míaƒe anyigbamamã me ƒe agbe le afɔku me. (Xez. 3:19; Mat. 9:37, 38) Agbanɔamedzi gã sia bia be míadze agbagba ɖesiaɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke míaɖe hiahiã kpata ƒe susu afia ɖe míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu? Míeɖenɛ fiana ne míedzra dzeɖonya nyuiwo ɖo do ŋgɔ, ne míekua kutri dia amewo le afisiafi si míate ŋu akpɔ wo le, ne míewɔa nuŋlɔɖi nyui le amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia ŋu, ne míetrɔ yi kaba va tu ɖetsɔleme ma ɖo, kple ne míeɖoa ŋku edzi be esi wònye amewo ƒe agbe ŋue nya la ku ɖo ta la, ele be míabu míaƒe subɔsubɔdɔa ŋkubiãnyae. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe mía ŋu ne míele dzadzram ɖo be míatsɔ hiahiã kpata ƒe susu agblɔ nyanyuia le February me. Agbalẽ si míana enye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
2 Ðewohĩ àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ne èyɔ kuxi siwo le fu ɖem na amewo le nutoa me la dometɔ aɖewo kpuie, eye àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ame geɖe xɔe se be Mawu aɖe li, gake wobiana be: ‘Etsɔme kae wòdi na mí?’ Aleke nàɖo nya ma ŋui? [Na wòaɖo eŋu.] Ènya be Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ameƒomea kple afɔ siwo ɖem wòle be yeana wòava eme ŋu eme kɔa?” Ʋu Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 301. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:1 le memamã 1, eye nàxlẽ eŋuti numeɖeɖe si le memamã 2 lia ƒe afã mamlɛa. Ʋu nɔnɔmetata si le axa 302 nàtsɔ afia nusi esia fia le míaƒe etsɔme ŋu. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4 le memamã 6 lia. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàɖo ɣeyiɣi nyui aɖe si nàtrɔ ava yi dzeɖoɖoa dzi.
3 Àte ŋu agblɔ nya kpui sia atsɔ ayi Nyaɖeɖefia 21:1, 4 ŋuti numedzodzroa dzi:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo be yeawɔ anyigbadzinɔnɔ ƒe ɖoɖo yeye na ameƒomea ŋu. [Gahe susu yi nɔnɔmetata si le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 302 dzi.] Àdi be wò ƒomea nanɔ teƒe sia? [Na wòaɖo eŋu.] Biabia lae nye be, Aleke gbegbee woate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi? Taflatse de dzesi nya si eya ŋutɔ gblɔ.” Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:5, 6a le axa 303 ƒe memamã 8 lia. Bia memamã 9 lia ƒe biabia si wota ɖe axa 304, eye nàxlẽ ŋuɖoɖoa kple memamãa ƒe nyagbe mamlɛa. Gblɔ nɛ be míesrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Wɔ ɖoɖo nàva fia alesi míewɔnɛ lae.
4 Esi Ame geɖe tsi dzi ɖe ameƒomea ƒe kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi ŋu ta la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe le yiyi zi gbãtɔ me:
◼ “Amesiame kloe tsi dzi ɖe kuxi siwo dze ŋgɔ mí le míaƒe nutoa me ŋu. [Yɔ ʋee aɖewo.] Ƒe bla nanewoe nye sia si dunyahelawo do ŋugbe be yewoahe egbɔkpɔnu siwo anɔ anyi ɖaa vɛ, eye wo dometɔ aɖewo dze agbagba be yewoahee vɛ. Nukae nèsusu be eyae na nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia na numeɖeɖe aɖe si ŋu ame akpa gãtɔ mebu kpɔ o. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo ŋu. Kpɔ nusi do tso eme ɖa, le Nyaɖeɖefia 12:9.” Xlẽ mawunyakpukpuia, eye nàʋu Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 182. Zã nɔnɔmetata la nàtsɔ aɖe akpa si wɔm Satana le le anyigba dzi nyawo me la me. Tsɔ agbalẽa nɛ dzonɔamemetɔe. Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi ava dzro alesi Mawu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔe me.
5 Ne ètrɔ yi be yeava ɖe alesi Mawu akpɔ kuxi siwo li egbea gbɔ me la, àte ŋu agblɔ nya sia kpɔ:
◼ “Medze agbagba etɔxɛ be matrɔ va ale be míate ŋu ayi míaƒe dzeɖoɖo tso kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea la gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ ŋu dzi. Esi meva nyitsɔ la, míekpɔe be Biblia gblɔ be Satana Abosam ye le anyigbadzitɔwo katã blem. Esi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si ƒe ŋusẽ tri akɔ wu amegbetɔ tɔ ta la, ɖe nèbu be mɔ aɖe li si dzi woato aɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖaa? [Na wòaɖo eŋu.] Taflatse de dzesi nya si Biblia gblɔ.” Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:1-3 nàɖe eme. Zã nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 4-5 nàtsɔ afia alesi nuwo anɔ ne Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi megali o. Do Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ eye dze agbagba nàdze egɔme enumake.
6 Esi ame geɖe tsɔ ɖe le nutoa me nyawo me ta la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme:
◼ “Míekpɔe be amesiame kloe tsi dzi ɖe ɖiƒoƒo míaƒe ya, tsi, kple nuɖuɖu ŋu. Nutoa me ƒe nɔnɔme zu afɔku xoxo le dukɔ aɖewo me. Esi Mawue nye anyigba sia Wɔla ta la, nukae nèsusu be awɔ le nusia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be Mawu abia akɔnta le alesi míezãa ɣletinyigba la ŋu. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 11:18b.] Kpɔ anyigba si dzi ɖiƒoƒo aɖeke mele o dzi nɔnɔ le susu me ɖa!” Fia asi paradiso ƒe ŋugbe si Mawu do, abe alesi woɖee fia le Nyaɖeɖefia 21:3, 4 ene. Tsɔ nɔnɔmetata si le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 302 fiae. Tsɔ agbalẽa nɛ eye wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi.
7 Ne ètrɔ yi amesi ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Paradisonyigba la ŋu gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míelɔ ɖe edzi be ele be Mawu nade nu amegbetɔ ƒe nyawo me hafi woate ŋu akpɔ anyigba si wole ɖi ƒomee ƒe kuxia gbɔ. Gake biabia lae nye be, Nukae wòle be míawɔ ne míatsi agbe ayi ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖoanyi yeyea me?” Xlẽ Yohanes 17:3. Gblɔ na aƒemenɔla be wòawɔ míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ femaxee la ŋudɔ be sidzedze tɔxɛ sia nasu esi.
8 Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be woazã mí míanye egbegbe nuŋeŋedɔwɔlawo eye be míawɔ agbeɖeɖe ƒe gbeƒãɖeɖedɔ! Neva eme be mí katã míado vevie nu le hiahiã kpata ƒe susu tsɔtsɔ gblɔ nyanyuia me, ‘esi míenya be míaƒe agbagbadzedze manye dzodzro o ta.’—Kor. I, 15:58.