Zã Nuwo Kple Amewo ɖe Woƒe Hiahiãwo Nu
1 Yehowa na nu geɖe mí to “dɔla” nuteƒewɔla la dzi be wòatsɔ akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe na mí. (Mat. 24:45-47) Nunana siawo dometɔ geɖe nye agbalẽwo, Bibliawo, magazine bablawo, videowo, kasɛt siwo dzi wolé nya ɖo, kple kɔmpiuta nyaléɖedzigba siwo dzi Biblia ƒe numekukuwo le. Yehowa tsɔa nusi asu pɛpɛpɛ la naa mí ɣesiaɣi be ɖeke dome nagagblẽ o. Ekpɔa mɔ be mía kple mía nɔviwo míazã wo eye míakpɔ egbɔ be woɖe vi na amesiame sɔsɔe.
2 Wozãa ga home gbogbo aɖe ɖe nusiawo wɔwɔ ŋu. Mía nɔvi siwo le xexeame katã ƒe nudzɔdzɔe wotsɔ xea gazazã siawoe. Esia le alea vevietɔ tso esime habɔbɔa wɔ ɖoɖo be womegaka ga home aɖeke ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu o, ke boŋ be woatsɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo axe gazazãawoe.
3 Kpekpeɖeŋu si Míate Ŋu Ana: Míate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be míazã nuwo kple amewo ɖe ‘woƒe hiahiãwo nu’ la dzi. (Rom. 12:13) Ne míedzɔ nu tsɔ do alɔ xexeame katã ƒe dɔa la, míele nusiwo le mía si zãm kple mía nɔvi siwo le xexeame katã. Esia ƒe susu me nɔnɔ na ame aɖewo wɔe be woɖo ga home aɖe koŋ da ɖi dzɔna dzinu sia dzinu be woatsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa, abe alesi wodzɔa nu tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒe Akpata me gazazãwoe ene. Wonya be menye agbalẽtata ŋu koe wozãa ga siawo ɖo o, ke wozãnɛ ɖe dɔa ƒe akpa bubuwo hã ŋu. De ŋugble le vi gbogbo si wòaɖe na mía nɔviwo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa ne ame geɖe wu kpɔ gome le esia wɔwɔ me ɣesiaɣi ŋu kpɔ.
4 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu azã nuwo kpli wo ne míeɖɔa ŋu ɖo ɣesiaɣi si míaxɔ nusiwo míehiã siwo míate ŋu akpɔ bɔbɔe gɔ̃ hã. Nusiwo hiã mí ŋutɔŋutɔ ko dɔdɔ awɔe be mía nɔvi siwo le teƒe bubuwo hã naxɔ gbɔgbɔmenu siwo wohiã be wòana ŋusẽ nanɔ wo ŋu eye woakeke gbeƒãɖeɖe nyanyuia ɖe enu le xexeame ƒe akpa si wole.—Heb. 13:16.
5 Ele be esia nanɔ susu me na mí vevietɔ ne míele nusiwo wɔwɔ ŋu Habɔbɔa gblẽa ga geɖe ɖo la dɔm. Esiawo dometɔ aɖewoe nye videowo, CD-ROM (kɔmpakt diskwo), numekugbalẽ gãwo, magazine bablawo, kple kasɛtwo dɔdɔ. Le esi teƒe be míadɔ nu ɖeka ma tɔgbe ɖekaɖeka na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe la, ɖe ƒome bliboa madɔ ɖeka ko oa? Ðe míate ŋu adɔ nusiwo míehiã ŋutɔŋutɔ fifia koa? Ne míeɖe nusiwo míexɔna na mía ŋutɔwo ƒe zazã dzi kpɔtɔ la, awɔe be ame bubuwo hã naxɔ nu nyui siawo abe míawo ke ene.—Fil. 2:4.
6 Míate ŋu adzɔ nusi sɔ ɖe agbalẽ siwo míenana le gbeadzi ta ne míedea nu Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ƒe nudzɔɖaka me le Fiaɖuƒe Akpata me hafi xɔa nuawo tsɔ kpe ɖe nudzɔdzɔ siwo ɖetsɔlemetɔ siwo xɔ agbalẽa na ɖe eta ŋu. Gake le agbalẽ siwo mía ŋutɔwo míezãna abe hadzigbalẽ, Yearbook(wo), “deluxe” Bibliawo, ɣletigbalẽ, kple bubuawo gome la, mele be míasusui be egodotɔwo ƒe nudzɔdzɔ axe woƒe fe o. Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo koŋue naa gakpekpeɖeŋu sia. Esi esia le susu me na gbeƒãɖela geɖe ta la, wodea ŋugble le ga home si nusiwo wodi be yewoaxɔ la axɔ ne ɖe wole wo dzram, eye wodzɔa nusi sɔ ɖe wo ta. Le kpɔɖeŋu me, “deluxe” Biblia si wosi sikatsi na ate ŋu axɔ ₵45,000 alo wu nenema bɔbɔe, numekugbalẽwo ate ŋu axɔ ₵60,000 alo wu nenema, ne ɣletigbalẽ si me amadede vovovowo le si wotsɔna kua gli ŋu mexɔ nu kura o ye nye ₵10,000, eye CD-ROM dzi numekugbalẽwo (encyclopedia) xɔna tsoa ₵100,000 va ɖo ₵200,000 alo wu nenema kura. Zi geɖe la, kɔmpakt disk siwo dzi ha le xɔna abe ₵35,000 ene, eye video aɖewo xɔa asi wu ema. Ne míete ŋu dzɔa nu wòsɔa gbɔ be míatsɔ axe ga si wozãna ɖe wo wɔwɔ ŋu o la, ate ŋu ana habɔbɔa magate ŋu awɔ nusiwo wòle be wòawɔ hafi atsɔ ado xexeame katã ƒe dɔa ɖe ŋgɔ la ƒe geɖe o.
7 Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si yeƒe nusrɔ̃lawo aɖe fia wo nɔewo anye nusi ade dzesi wo wòadze ƒã. (Yoh. 13:34, 35) Míaƒe ŋutilãmenuwo dzɔdzɔ dɔmenyotɔe kple míaƒe ɖokuitɔmadimadi le nuwo zazã kple mía nɔewo le woƒe hiahiãwo nu anye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖo kpe edzi be Kristotɔ vavãtɔwoe míenye.