Kpe Ðe Ƒomewo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze
1 Egbea ƒome geɖe le gbagbãm. Togbɔ be srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖolawo ƒe mɔfiame geɖe siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu li hã la, Mawu ƒe Nya, Biblia, mee nuxlɔ̃ame nyuitɔ le. Le esia ta míana agbalẽ si nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me le ɣleti siwo nye January kple February me. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle nu ƒom tso agbalẽa ŋu.
2 Ne èle “Ƒomegbenɔnɔ” ƒe agbalẽ nam dzila aɖe la, àte ŋu afia asi nɔnɔmetata si le axa 4 ahagblɔ be:
◼ “Nɔnɔmetata sia nye alesi nutala aɖe bu alesi Mawu ɖoe be ƒomea nanɔ lae, gake le alesi gbegbe srɔ̃gbegbe kple kaklã le dzidzim ɖe edzi egbea ta la, dzilaɖekɛwo va sɔ gbɔ ɖe edzi le xexeame katã. Nukae nèbu be ahiã ale be mia kple wò ƒomea mianɔ anyi ɖekae le paradisonyigba dzi? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖee fia be eteƒe madidi o dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ anɔ aƒeme ŋutɔŋutɔ le xexeame katã eye be woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi. [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Agbalẽ sia ate ŋu afia wò nusi wòle be nàwɔ be mɔnuɖoɖo si Mawu wɔ na ƒomewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ naɖe vi na wò.”
3 Ne èdo go sɔhɛ le aƒea me la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Èlɔ̃ ɖe edzi be kuxi siwo egbegbe ƒomewo doa goe la menɔ nyanya na dzidzime siwo nɔ anyi tsã oa? [Na wòaɖo eŋu.] Le wò nukpɔsusu nu la, nukae le dzɔdzɔm? [Kafui ɖe eƒe ŋuɖoɖoa ta. Trɔ ɖe Timoteo II, 3:1-3 ŋu eye nàxlẽe.] Nyagbɔgblɔ ‘ame maɖoto dzilawo’ kple ‘amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o’ sɔ kple alesi tututu ame geɖe le le míaƒe ŋkekea me. Gake Mawu si gblɔ kuxi siawo ɖi la kee na mɔfiame nyuiwo hã mí ku ɖe alesi míate ƒomea aƒo ƒu ɖekae ŋu.” Xlẽ ta 1 ƒe memamã eve gbãtɔwo le axa 5. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava emegbe be yewoayi numedzodzroa dzi.
4 Mɔnu bubu enye be nàdze egɔme kple nyadzɔdzɔ yeye aɖe si ku ɖe hadomekuxi aɖe si gbɔ womete ŋu kpɔ o ŋu. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míesea ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ kple ɖeviwo ƒe aglãdzedze ŋu nyawo le nyadzɔdzɔwo me zi geɖe. Èbu be hadomeŋgɔnɔlawo kple dzilawo ate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ gbaɖegbea? [Na aƒemenɔla nàɖo eŋu eye nàkafui.] Anye mí katã míaƒe didi be míanɔ xexe si me kuxi siawo manɔ o me elabena ɖeviwo abɔbɔ ɖe dzilawo ƒe ŋusẽ te eye woakpe asi ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Esia ava eme ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe dziɖuɖu si míedoa gbe ɖa biana la ƒe dziɖuɖu te.” Xlẽ Efesotɔwo 5:1, 2 eye nàfiae alesi míakpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ mlɔeba. Dzro nya vevi siwo le Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ƒe axa 182-3, memamã 5 hã me kplii. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava dzro nu geɖe me kplii.
5 Ne èdi be yeagblɔ nya kpui aɖe ana agbalẽa la, àte ŋu aʋu axa 2 eye nàbia be:
◼ “Nukae ava dzɔ ɖe ƒomea dzi? Ame geɖe bua nya sia ŋu. Nukae nèsusu?” Kafu aƒemenɔla ɖe eƒe ŋuɖoɖoa ta, eye nàxlẽ etalawo ƒe ŋgɔdonya si le axa 2. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàɖe aƒeme Bibia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me nɛ.
6 Ne míewɔ Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ŋudɔ nyuie la, akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woake ɖe teƒe nyuitɔ si woakpɔ nuxlɔ̃ame tso ƒomegbenɔnɔ ŋu le—tso Mawu ƒe Nya la me. (Tim. II, 3:16, 17) Mina mí katã míadze agbagba le esia gome be míakpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be ‘woadze klo na Fofo la.’—Ef. 3:14, 15.