Dzi Nedzɔ Mi Ðe Dzidziɖedzi Si Mawu Nana Ŋu
1 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienuwo. Wokpɔ dzidzɔ esime ‘hameawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbesiagbe.’ (Dɔw. 16:5) Woƒe gbeƒãɖeɖe dzideƒotɔe keke ta ɖo Asia, Europa, kple Afrika, eye ame geɖe ŋutɔ va zu xɔsetɔwo.
2 Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, gbeƒãɖeɖedɔ la aɖo ‘anyigba bliboa dzi kple dukɔwo katã me’! (Mat. 24:14) Le ƒe 1996 subɔsubɔƒea me la, míexɔ akɔntabubuwo le dzidziɖedzi wɔnukuwo kple gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeyewo ŋu tso dukɔwo me le xexeame katã. Woɖo hame yeye geɖe. Dzidziɖedzi kabakaba sia na wòva hiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye kple Takpexɔ alafa geɖe eye be woakeke alɔdzedɔwɔƒe geɖe ɖe enu.
3 August 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ka nya ta le xɔtudɔ gã siwo le edzi yim le Afrika ŋu. Dɔ ma tɔgbe le edzi yim le Latin Amerika katã hã. Akɔnta si Mexico bu le ƒe 1996 subɔsubɔƒea me ɖee fia be wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ wɔnuku si nye 470,098 kple Biblia-nusɔsrɔ̃ 600,751 le mamã dedie nu, si na wòhiã be woaɖo hame yeye 466! Woɖoe be woawu woƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe kekeɖenu la nu le ƒe 1998 ƒe nuwuwu lɔƒo. Dzidziɖedzi sia tɔgbe le dukɔ bubuwo me na teokrasixɔtudɔ vovovowo le edzi yim matɔmatɔe.
4 Xɔtutu le asi xɔm le afisiafi, eye ŋutilãmenu sue aɖe koe le mía nɔvi siwo le dukɔ geɖe me si woadzɔ. Gake edze ƒã be wole tsitsim le gbɔgbɔ me eye woƒe xexlẽme hã le dzidzim ɖe edzi geɖe le woƒe veviedodo geɖe le Yehowa subɔsubɔ me ta. Lododowo 28:27 ka ɖe edzi na mí be “amesi naa nu ame dahe la, hiã matui akpɔ o.” Alesi míelɔ̃na faa na kpekpeɖeŋu le xɔtugazazãwo me na ‘nuwo sɔna’ le ŋutilãmenuwo gome, eye ena mí katã míekpɔa dzidzɔ si tsoa nu nana kpakple dzidzɔ si dzidziɖedzi si Yehowa nana la kpɔkpɔ hena vɛ me!—Kor. II, 8:14, 15; Dɔw. 20:35.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Paraguay Alɔdzea
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Ecuador Alɔdzea
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Xɔawo Kekeɖenu le Mexico
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Dominican Republic Alɔdzea
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Brazil Alɔdzea Kple Eƒe Kekeɖenu
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Uruguay Alɔdze si Tum Wole
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Fiaɖuƒe Akpata si tutu mexɔa ga boo o tɔgbe le Latin Amerika
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
1. Brazil
2. Nicaragua
3. Chile
4. Colombia
5. Mexico
6. Brazil
7. Peru
8. Venezuela
9. Mexico