Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe
1 “Ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o.” (Ps 84:11) Ne hakpala la le ta dem agu le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, ete ŋu senɛ le eɖokui me be yele Mawu ŋusẽkatãtɔ la ŋkume. Ne dukɔa va kpe ta na woƒe ƒezãwo ɖuɖu eye tadeagula vavãwo yɔ Yerusalem gbagba la, edzɔa dzi na Israel-viwo be yewoade ha kple yewo nɔewo ne woƒo ƒu ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Eɖoa ŋku edzi na wo be dukɔ si wɔ ɖekae wonye eye be woawo koe nye anyigbadzidukɔ si ko dzi Yehowa ƒe yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ le. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si ƒe sia ƒe be míakpɔ ɖekawɔwɔ kple dzidzɔ ma le mía kple mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnu akpe geɖewo dome. Le míaƒe ɣeyiɣia me la, ƒe sia ƒe ƒe nutome gã takpekpewo nye mɔ siwo dzi Yehowa tona ƒoa eƒe amewo nu ƒu na nufiafia wo kple hadede la dometɔ ɖeka.
2 Ehiã ɖoɖowɔwɔ be woakpɔ Yehowa ƒe ame gbogbo siwo va tsia Yerusalem kple eƒe golɔgoewo la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu ahayi edzi le ŋutifafa me la, anɔ eme be woagblɔ dzeƒe, takpeɣiwo, kple ɖoɖo bubuwo ŋu nyawo na wo. Esi nya siawo ku ɖe Israel-viawo ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu ta la, adzɔ dzi na wo be yewoawɔ ɖe wo dzi.—Ps 42:5; 122:1.
3 Nɔvi alafa geɖe azã gaƒoƒo akpe geɖe le ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpe dɔwɔƒewo, kpekpe kple suku kple amedzrodzeƒe dzikpɔlawo kpakple nyawo léle kpɔ kple wo, kple nu bubuwo ŋu. Nɔvi siawo wɔa dɔ kple Habɔbɔa ƒe Takpekpedzikpɔdɔwɔƒea be woakpɔ takpekpewɔnya vovovowo gbɔ. Ðewohĩ míanya ɣeyiɣi, agbagbadzedze, kple ga gbogbo si wozãna ɖe míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo ŋu o, gake le nyateƒe me, ɖe mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe nɔvi nuteƒewɔla siawo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ ŋu oa?
4 Esi míele dzadzram ɖo ɖe míaƒe Ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpea ŋu la, nanewo li siwo ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo tufafatɔe eye nàde ŋugble le wo ŋu nyuie. Wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo siawo katã ŋu adze le alesi nàlɔ̃ akpe asi ɖe ɖoɖo siwo katã wowɔ ɖe tawò la ŋu me. Togbɔ be míedzro nya siawo ƒe ɖewo me kpɔ va yi hã la, ele vevie be agba si le mía dzi le Yehowa gbɔ be míakpe asi ɖe míaƒe takpekpeɖoɖoawo ŋu la me nakɔ kɔte na mía dometɔ ɖesiaɖe.
5 Dzeƒe: Míele Xɔbiagbalẽwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedzikpɔƒea nadi xɔ na yewo la, ke taflatse mikpe Xɔbiagbalẽ ɖo miatsɔ na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe wòaɖoe ɖe takpekpe si miade. MIGAÐO Xɔbiagbalẽwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
6 Woana dzeƒe ame aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Amesiwo wona dzeƒee le afisiawo la naɖo ŋku edzi be mesɔ be yewoatsɔe be wowɔ amedzro na yewo xoxo anɔ anyi wòagbɔ ŋkeke si wogblɔ ɖe Xɔbiagbalẽa dzi ŋu o. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE wona xɔ siawo mí ɖo. Amesiwo wona dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be yewo kple yewo viwo yewowɔ nu le bubumɔ nu le yewoƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye yewomanɔ nuwo me kam alo agblẽ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo alo anɔ gegem ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne aƒetɔwo do go kuxi siawo tɔgbe la, ke woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya, eye adzɔ dzi nɛ be yeakpe ɖe wo ŋu.
7 Asikpekpeɖeŋu Fia be Míewɔna Ðe Habɔbɔa ƒe Mɔfiamewo Dzi: Ele be nya sia nanye nusiwo ŋu míabu vevie dometɔ ɖeka. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Ne mía nɔviwo wɔ ɖoɖo ɖe míaƒe nutome gã takpekpea ŋu la, míedi be woase le wo ɖokui me be míele megbe na yewo bliboe. Esi wònye wohiãa míaƒe asikpekpeɖeŋu le nya sia me ŋkeke eve alo etɔ̃ ko ƒe sia ƒe ta la, esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe asi ɖe wo ŋu le woƒe agbagbadzedzewo me. Kpɔɖeŋu nyui si míeɖona, si mía nɔviwo kple xexemetɔwo kpɔna la wɔnɛ be lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple asikpekpeɖeŋu gbɔgbɔ nɔa anyi.—Fil. 2:1-4.
8 Hiahiã Tɔxɛwo: Gbeƒãɖela siwo le tenɔnɔ nyui me, si fia hã be wo viwo nye vi buamewo, siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti da asi ɖo koe wowɔ ɖoɖo sia na. Amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le la nye mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo, eye enye míaƒe didi be míakpe ɖe wo ŋu.
9 Ðewohĩ ame tsitsiwo, dɔnɔwo, kple amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, alo ame bubuwo ahiã kpekpeɖeŋu hafi ate ŋu ade takpekpea. Ƒometɔwo, hamemegãwo, kple hamea me tɔ bubu siwo nya nu tso nɔnɔme tɔxɛ si me wole ŋu la ate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã lɔlɔ̃tɔe, eye womagblẽ ƒomea alo hamea ƒe agba ma ɖe takpekpedɔwo dzikpɔlawo dzi o. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:4.) Gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu akplɔ wo ayii alo woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le mɔ bubu siwo sɔ nu.—Yak. 2:15-17; Yoh. I, 3:17, 18.
10 Xɔdidɔwɔƒea adze agbagba adi xɔ siwo sɔ na gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ne hamea me tɔwo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu o. Gbeƒãɖela siawo ate ŋu aɖo dze tso woƒe nɔnɔmea ŋu na hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Agbalẽŋlɔla hã nadzro eme kple Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ susɔeawo be woakpɔe ɖa be hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe xɔnyawo hã gbɔ. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔa biam la nakpe Xɔbiagbalẽa ɖo atrɔe na agbalẽŋlɔla la be wòalé ŋku ɖe eŋu kpɔ be wokpee ɖo vɔ keŋkeŋ eye nuwo de le edzi pɛpɛpɛ hã, akpɔe ɖa hã be le nɔnɔme si me amea le nu la, ɖe wòdze na kpekpeɖeŋu sia hã. Agbalẽŋlɔla la NAÐE nɔnɔme si me ameawo le ME TSITOTSITO ɖe lɛta me. Ele be woawɔ nusiawo katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ne subɔsubɔ kɔmitia lé ŋku ɖe nusiawo ŋu be wode vɔ la, ke agbalẽŋlɔlaa aɖoe ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Woaŋlɔ lɛta na xɔbiala la tẽ atsɔ agblɔ dzeƒeŋunyawo nɛ.
11 Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ aɖe alo hamemegã bubu nakpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu woava bia xɔ si wona wo le Xɔdidɔwɔƒea ne wonya ɖo takpekpea me ko.
12 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ kpui ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ la na wo be woayi. Habɔbɔa nɔa te ɖe hame siwo wotia na takpekpe ɖesiaɖe ƒe xexlẽme dzi bua ame alesinu wosusu be woava la ƒe agbɔsɔsɔ bene woanya nɔƒe, dzeƒe, agbalẽ, kple nusiawo tɔgbe sinu asu. Takpekpe siwo wotia na hameawo be woade la dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Gake ne le susu nyui aɖe ta nàyi takpekpe bubu si menye esi wotia na miaƒe hamea o eye nàhiã dzeƒe la, ke ele be nàkpe Xɔbiagbalẽ ɖo eye nàna agbalẽŋlɔla la naɖoe ɖe takpekpewɔƒe si sɔ. Ne woawɔ wu takpekpe ɖeka le dugã aɖe me la, mikpɔ egbɔ be yewoŋlɔ ɣletiŋkeke siwo woawɔ takpekpe si yi ge mia la ɖe dzi.
13 Ne woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ɖeka me le dugã me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade evea siaa. Togbɔ be esia ana dzidede ƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu ame si hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpea megalolo akpa o si ana be dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea kple le takpekpea wɔwɔ vɔ megbe dzi naɖe kpɔtɔ la me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le du si me woawɔ takpekpe le si be woayi du ma me takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Gake mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Eye ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na woƒe hamea o le gbemasemase ta alo ŋkeke siwo woawɔ woƒe takpekpea dze Bolgatanga takpekpea tɔ dzi la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
14 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua me ƒe didi, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi faa. Gake hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magada wo sasrãkpɔ ɖe kwasiɖa ma dzi o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo womayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eme na yewo be yewoaɖoe o.
15 Bolgatanga Takpekpea: Míawɔ “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe susɔeawo ƒe ɖeka le Bolgatanga, January 9-11, 1998. Woawɔe le gbe eve siwo nye Twi kple Frafra me abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míele dzi dem ƒo na anyiehenutome nɔvi siwo katã ate ŋui be woayi takpekpe sia. Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔzɔzɔa ŋu le ƒe sia me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woaɖi vomeɖase eye woawɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔ hã le woƒe Bolgatanga nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòdzɔ dzi na si be woadze takpekpe sia ƒe dzadzraɖowo wɔwɔ gɔme.
16 Dɔwɔwɔ do ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me tɔwo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔwɔŋkekewo dzi. Nyatakaka siwo míexɔ le ƒe si va yi me fia be nɔvi geɖe wɔ ɖoɖo nyuiwo va kpe asi ɖe dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea ŋu. Míekafu mi katã ɖe gbɔgbɔ nyui sia si mieɖe fia la ta. Ne ame geɖe alesinu ate ŋui awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke mamlɛa dzi do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze alo ŋkeke eve do ŋgɔ nɛ be woawu nusianu nu pɛpɛpɛ la, ade mía dzi ŋutɔ. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu geɖe hiã le takpekpea wɔɣiwo hã, eyata miwɔ ɖoɖo mia kple miaƒe ƒomea miakpɔ gome le eme le takpekpe si miayi la me.
17 Nuɖuɖunyawo: Miɖo ŋku edzi miatsɔ nane ɖe asi tso aƒeme ava ɖu ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu nyuie wu. Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisiafi si míanɔ aɖu nu le ɖiɖiɖemeɣiawo bene míagagblẽ zikpuiawo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o.
18 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Kotokuwo: Míele nanam hame ɖesiaɖe nanya be woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe kɔtagbalẽviawo kple woƒe kotokuwoe. Ƒe si va yi la, hame aɖewo ƒe nudɔdɔ tsi megbe akpa loo alo womedɔe kura o, eye esia wɔe be akɔtagbalẽviwo menɔ nɔvi aɖewo si o. Taflatse mikpɔ egbɔ be miekpe agbalẽvia ɖo nuwo de le edzi pɛpɛpɛ eye mieɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa ENUMAKE bene woate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe me nuhiahiã sia ŋu na mi kaba. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe kotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
19 Hadzidzi: Ha siwo gbɔna ye nye esiwo woyɔ le ɖoɖowɔɖia me, eye míeɖo wo ɖe ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo nu: 155, 46, 138, 183, 43, 180, 156, 130, 13, 98, 164, 160, 195, 144, 77, 4, 191, kple 10. Abe alesi woxlɔ̃ nu míi le Efesotɔwo 5:19 ene la, wole dzi dem ƒo na mí katã be míadzi haa akplɔ esi woaƒo le mɔ̃ dzi le takpekpea me ɖo.
20 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Habɔbɔa mawɔ ɖoɖo aɖeke ɖe nuƒoawo alo dramaa léle ɖi ŋu o. Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o la nu. Vevietɔ ele be woakpɔ nyuie be yewometsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzii ŋu ŋutɔ.
21 Nyataƒonya: Lɛta siwo Habɔbɔa xɔna ƒe sia ƒe ne wowu nutome gã takpekpewo nu vɔ la nye kpeɖodzi blibo be mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo siwo wowɔ na wo la ŋu. Edzena na mía dometɔ ɖesiaɖe kɔte be Yehowa le megbe na ƒe sia ƒe takpekpe wɔwɔ ɖoɖoa. Esi wònye nɔvi geɖe siwo zɔa mɔ dea nutome gã takpekpeawo hiã dzeƒe ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nuhiahiã siawo wòade go. Esi wònye nusiawo ku ɖe míaƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu ta la, ele be míawɔ ɖe mɔfiame siwo woana la dzi kple dzidzɔ. Eɖeɖefia be míenye ‘nuteƒewɔlawo le nu suetɔ kekeake me’ ana míaxɔ yayra wɔnuku siwo li na amesiwo Yehowa lɔ̃na.—Luka 16:10.
22 Yesaya 33:20 gblɔ be: “Kpɔ Zion, du, si nye míaƒe takpeƒe la ɖa!” Míate ŋu atsɔ susu akpɔ dzi si gbegbe anɔ ameha gã siwo yɔ Yerusalem la dzɔmee eye be wowɔ ɖe Yehowa ƒe sedede be ‘woakpɔ dzidzɔ wòatso eme’ la dzi. (Mose V, 16:15) Míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpeawo nyea mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo na mí be míaxɔ Mawu ƒe nufiame eye míade ha viviwo kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Yehowa neyra ɖe miaƒe agbagbadzedzewo dzi esi miele dzadzram ɖo na ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” nutome gã takpekpeawo!
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Takpekpea ƒe Gamewo
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi ga 9:30 - Ɣetrɔ ga 4:50.
Kwasiɖa
Ŋdi ga 9:30 - Ɣetrɔ ga 3:50.