Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 Esime Israel-viwo nɔ gbedzi la, Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ klosalo awɔ kpẽ evee. Ne woku kpẽ ɖeka ko la, ele na woƒe toawo ƒe amegãwo be woakpe ta ɖe takpegbadɔ la ŋgɔ. Kpẽ eveawo kuku fia be Israel ƒe ha blibo la katã nava kpe ta. (Mose IV, 10:1-4) Ðe medzɔa dzi na mí egbea be míase gbeƒãɖeɖe si le abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene si ƒoa mía nu ƒu ɖekae ɖe míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo me oa? Le míaƒe takpekpewo me la, míexɔa Yehowa ƒe nufiamewo kple mɔfiafiawo to eƒe Nya kple eteƒenɔla siwo wòtia la dzi. Esia kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi alé Mawu subɔsubɔ me ɖe asi maʋãmaʋãe. Ðe medzɔa dzi na mí ne míekpɔ tadeagula wɔnuteƒe akpe geɖe—ɖewohĩ akpe bla nanewo—ƒo ƒu ɖekae le lɔlɔ̃ kple ŋutifafa me oa? Edzɔa dzi na mí nyateƒe!—Ps. 122:1, 7, 8.
2 Le December 1998 kple January 1999 me la, wowɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe 31 le teƒe 17 le Ghana katã. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 62 siwo tso Ghana nɔ ame akpe geɖe siwo tso dukɔ vovovo me le xexeame katã de dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Pontiac, Michigan, U.S.A., le June 1998 me la dome. Ame 60 bubu hã de dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Abidjan, Côte d’Ivoire, le December si va yi me. Gbe vovovo dodo mexe mɔ na vividodoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia le takpekpeawo me o. Nɔvi siwo xɔ takpekpea valawo ɖe woƒe aƒewo me gase vivi le hadede dodzidzɔname si de ŋgɔ wu me. Dutanyanyuigblɔla kple mɔɖela vevi siwo le subɔsubɔm le dukɔ bubuwo me la gbɔ va Ghana be yewoade takpekpeawo. Woƒe vava de dzi ƒo na mí katã le gbɔgbɔ me. Ne míeƒo ƒu ɖekae na míaƒe ƒe 1999 nutome gã takpekpea wɔwɔ la, mɔnukpɔkpɔ bubuwo asu mía si be míagakpɔ alesi gbegbe míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa xɔ asii eye be míada akpe na Yehowa ɖe ɖekawɔwɔ si me wòna míele la ta.
3 Dzeƒedidi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na yewo la, ke taflatse mikpe Xɔbiagbalẽ ɖo miatsɔ na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe wòaɖoe ɖe takpekpe si miade. MIGAÐO Xɔbiagbalẽwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
4 Woana dzeƒe ame aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE wona xɔ siawo mí ɖo. Amesiwo wona dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubumɔ nu le yewoƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye yewomanɔ nuwo me kam alo agblẽ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo alo anɔ gegem ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne aƒetɔwo do go kuxi siawo tɔgbe la, ke woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeakpe ɖe wo ŋu.
5 Le takpekpe siwo míewɔ va yi me la, takpekpevala geɖe meɖo Xɔbiagbalẽwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o. Esia he kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiã be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpuiwo me alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Gake ewɔ nublanui be esi wobia tso vavala aɖewo si be woadzɔ nu ne woatsɔ axe dzeƒea ƒe fee la, womedzɔe o. Nusia ɖea fu. Eyata vavala siwo katã di be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽ ɖo eye woaɖoe ɖe takpekpedzikpɔƒea ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Le ƒe si va yi me la, suku kɔkɔ siwo me takpekpevalawo dze la dometɔ aɖewo bia ga gbogbo aɖe ɖe vavalawo ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be míadzra ɖo ɖe fexexe ɖe dzeƒea ta ŋu, eɖanye sukuxɔ mee loo alo ame aɖe ƒe aƒemee míedze o.
6 Nuwɔwɔ Aduadu Fia be Míewɔna Ðe Habɔbɔa ƒe Mɔfiamewo Dzi: Ele be nya sia nanye nusiwo ŋu míabu vevie dometɔ ɖeka. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Ŋkeke eve alo etɔ̃ le ƒea me koe wohiãa míaƒe asikpekpeɖeŋu le nya sia me. Ne míaƒe nudidiwo to vovo hã la, kpɔɖeŋu nyui si míaɖo, si mía nɔviwo kpɔna la wɔnɛ be lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple kpekpeɖeŋu nana ame nɔewo nɔa anyi.—Kpɔ Korintotɔwo I, 16:16; Filipitɔwo 2:1-4.
7 Amesiwo Ŋu Hiahiã Tɔxɛwo Le ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ: Taflatse miɖo ŋku ame tsitsiwo, dɔnɔwo, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, alo ame bubu siwo le miaƒe hamea me siwo ahiã kpekpeɖeŋu hafi ate ŋu ayi takpekpea dzi. Ƒometɔwo, hamemegãwo, kple hamea me tɔ bubu siwo nya nu tso amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ƒe nɔnɔmewo ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woawɔ ɖoɖo siwo hiã la lɔlɔ̃tɔe.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:4.
8 Gbeƒãɖela siwo le tenɔnɔ nyui me, kple esiwo ƒe viwo nye vi buamewo, siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti da asi ɖo koe wowɔ ɖoɖo sia na. Hafi nàkpe Xɔbiagbalẽ ɖo la, xlẽ nyatakaka si le agbalẽa te nyuie. Miɖo agbalẽ siawo ɖe Xɔdidɔwɔƒea kaba alesi miate ŋui. Taflatse mizã takpekpewɔƒea ƒe adrɛs si dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia.
9 Xɔdidɔwɔƒea adze agbagba adi xɔ siwo sɔ na gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ne hamea me tɔwo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu o. Gbeƒãɖela siawo ate ŋu aɖo dze tso woƒe nɔnɔmea ŋu na hamea ƒe agbalẽŋlɔla eye eya hã adzro eme kple Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ susɔeawo be woakpɔe ɖa be hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe xɔnyawo gbɔ hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔa biam la nakpe Xɔbiagbalẽa ɖo atrɔe na agbalẽŋlɔla la be wòalé ŋku ɖe eŋu kpɔ be wokpee ɖo vɔ keŋkeŋ eye nuwo de le edzi pɛpɛpɛ hã, akpɔe ɖa hã be le nɔnɔme si me amea le nu la, ɖe wòdze na kpekpeɖeŋu sia hã. Agbalẽŋlɔla la NAÐE nɔnɔme si me ameawo le ME TSITOTSITO ɖe lɛta me. Ele be woawɔ nusiawo katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ne subɔsubɔ kɔmitia lé ŋku ɖe nusiawo ŋu be wode vɔ la, ke agbalẽŋlɔlaa aɖoe ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Woaŋlɔ lɛta na xɔbiala la tẽ atsɔ agblɔ dzeƒeŋunyawo nɛ.
10 Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ aɖe alo hamemegã bubu nakpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu woava bia xɔ si wona wo le Xɔdidɔwɔƒea ne wonya ɖo takpekpea wɔƒe ko.
11 Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia: Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ŋlɔ agbalẽ na amedzrodzeƒe si wodze ƒe amegã be: “Miaƒe amedzrodzeƒeae nye amedzrodzeƒe nyuitɔ kekeake si míaƒe ƒomea dze kpɔ. Xɔawo me nɔ dzadzɛ eye nusianu si ahiã mí nɔ wo me. Kpekpeɖeŋu si amesiame si le miaƒe amedzrodzeƒea na mí wɔe be míese vivi geɖe kwasiɖa ƒe nuwuwu ma. Míedi be míada akpe na mi le alesi miewɔ ɖeka kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Takpekpedɔdzikpɔƒea esi miena míexe fe siwo anya xe na míi ta.” Ðe wò hã nèkpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo gbogbo siwo wowɔna ɖe ŋuwò la ŋua? Enye dzidzɔ na Habɔbɔa be yeawɔ ɖoɖo ɖe xɔ siwo nyo eye woƒe fe anya xe ŋu na mí le takpekpea wɔɣi ale be mí katã míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenu siwo míakpɔ tso takpekpea kple nuƒoawo me ŋu.
12 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ kpui ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ na wo be woayi. Ne woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ɖeka me le dugã aɖe me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade evea siaa. Togbɔ be esia ana dzidede ƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu ame si hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpea megalolo akpa o si ana be dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea kple le takpekpea wɔwɔ vɔ megbe dzi naɖe kpɔtɔ la me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le du si me woawɔ takpekpe le si be woayi du ma me takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Eye ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe le dugã la me si menye eyae wotia na woƒe hamea o le gbemasemase ta alo ŋkeke siwo woawɔ woƒe takpekpea dze Bolgatanga takpekpea tɔ dzi la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
13 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didiƒenɔnɔ, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi faa. Gake hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magada wo sasrãkpɔ ɖe kwasiɖa ma dzi o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eme na yewo be yewoaɖoe o.
14 Bolgatanga Takpekpea: Míawɔ “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe le Bolgatanga tso January 7 vaseɖe 9, 2000, le Twigbe kple Frafragbe me. Míele dzi dem ƒo na Anyiehenutome nɔvi siwo katã ate ŋui be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔzɔzɔa ŋu le ƒe sia me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woaɖi vomeɖase eye woawɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔ hã le woƒe Bolgatanga nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòdzɔ dzi na si be woadze takpekpe sia ƒe dzadzraɖowo wɔwɔ gɔme.
15 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me tɔwo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe alesinu ate ŋui awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke mamlɛa alo ŋkeke eve do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woawu nusianu nu pɛpɛpɛ la, ade mía dzi ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔ kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi ɖawɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpedɔdzikpɔlawo ana nuɖuɖu mí femaxee o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu geɖe hiã le takpekpea wɔɣiwo hã, eyata miwɔ ɖoɖo mia kple miaƒe ƒomea miakpɔ gome le eme le takpekpe si miayi la me.
16 Nuɖuɖunyawo: Miɖo ŋku edzi miatsɔ nane ɖe asi tso aƒeme ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu nyuie wu. Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisiafi si míanɔ aɖu nu le ɖiɖiɖemeɣiawo bene míagagblẽ zikpuiawo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o.
17 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Míedi be míana hame ɖesiaɖe nanya be woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe ƒe akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwoe. Taflatse mikpɔ egbɔ be miekpe agbalẽvia ɖo nuwo de le edzi pɛpɛpɛ eye mieɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa ENUMAKE bene woate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe me nuhiahiã sia ŋu na mi kaba. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
18 Hadzidzi: Ha siwo gbɔna ye nye esiwo woyɔ le ɖoɖowɔɖia me, eye míeɖo wo ɖe ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo nu: 91, 180, 191, 111, 174, 53, 113, 59, 13, 177, 3, 129, 155, 19, 72, 187, 181, kple 15. Abe alesi woxlɔ̃ nu míi le Efesotɔwo 5:19 ene la, wole dzi dem ƒo na mí katã be míadzi haa akplɔ esi woaƒo le mɔ̃ dzi le takpekpea me ɖo.
19 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubu siwo va alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ ele be woakpɔ nyuie be yewometsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
20 Nyataƒonya: Enye nusi dea dzi ƒo ne míese alesi wokafu Yehowa ƒe ŋkɔ le nɔnɔme nyui si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ɖe fia le takpekpewo me ta. Amedzrodzeƒedɔwɔla aɖe gblɔ be: “Miaƒe takpekpea valawoe nye ame nyuitɔwo kekeake siwo dze mía gbɔ kpɔ.” Dɔwɔla bubu gblɔ be: “Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míana dzeƒe miaƒe amewo. Wo katã wobua ame eye nyatakaka siwo wòle be woana sɔa gbe ɖe wo si wonana. Eye woawoe nye ƒuƒoƒo si woate ŋu awɔ dɔ kplii bɔbɔe wu.” Nuɖuɖudzraƒedzikpɔla aɖe gblɔ be: “Edzɔ dzi na mí be amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si dzi míate ŋu ada ɖo la le mía dome.” Nuɖuɖudzraƒea ɖe nuwo ƒe asi dzi alafa memama 10 na amesiame si ƒe akɔta woakpɔ takpekpea ƒe akɔtagbalẽvi le! Eye amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe gblɔ be: “Edzɔ dzi na mí be miaƒe amewo va dze míaƒe amedzrodzeƒea.” Nya siawo ƒomevi nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe tso amesiwo le egodo gbɔ. Ŋkɔ nyui ƒe mía ŋu nɔnɔ kafua Yehowa eye wònana wòdana ɖe mía dzi.—Tes. I, 4:12; Pet. I, 2:12.
21 Míele dzi dem ƒo na mi be miawɔ ɖoɖo fifia ade ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpea ŋkeke etɔ̃a katã. Míele mɔ kpɔm be mía kpli mi siaa míase amesiwo le ta dem agu na Mawu abe ƒuƒoƒo ɖeka ene ƒe gbɔgbɔ me “aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi.” (Ps. 42:5) Yehowa neyra ɖe ɖoɖo siwo katã wɔm wole hena mía nyinyi le gbɔgbɔ me dzi!
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Takpekpea ƒe Ɣeyiɣiwo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 4:00
[Nyaɖoɖo si le axa 6]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)