INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/97 axa 1
  • ‘Tu Wò Ƒomea Ðo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Tu Wò Ƒomea Ðo’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Nana be Ame Bubuwo Nanya Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Kpekpe Ðe Ƒomewo Ŋu be Etsɔme Mavɔ Nasu Wo Si
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 3/97 axa 1

‘Tu Wò Ƒomea Ðo’

1 Ðikekemanɔmee la, ƒomegbenɔnɔ le gbegblẽm le nuto ɖesiaɖe me le xexeame katã. Satana ƒe xexea nyrɔ eɖokui ɖe amebeble kple agbegbegblẽnɔnɔ me vĩ. (Yoh. I, 5:19) Esia te gbe ɖe alesi wòhiã kpatae be ‘míatu míaƒe ƒomea me tɔwo ɖo’ eye míafia ame bubuwo be woawo hã nawɔ nenema ke na woƒe aƒemetɔwo la dzi.—Lod. 24:3, 27.

2 Biblia me Gɔmeɖosewo Kpɔa Ame Ta: Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ gbɔe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona. Nyateƒe siawo siwo nu sẽ la ɖea vi na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe le agbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖe. Ƒome si tsɔ wo de dɔwɔwɔ me akpɔ dzidzɔ eye woase vivi le Mawu me ŋutifafa me.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 32:17, 18.

3 Wogblɔ gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu míaƒe ƒomeawo ɖo la kpokploe ɖe Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽ yeye la me. Ta ɖesiaɖe wu enu kple nufiameɖaka nyui aɖe si te gbe ɖe gɔmeɖose siwo dzi wòle be ƒomea me tɔwo naɖo ŋkui la dzi. Aɖakawo ƒe akpa gãtɔ dze egɔme kple biabia be, “Aleke Biblia gɔmeɖose siawo akpe ɖe . . . ŋui?” Esia hea susu yia Mawu ƒe nukpɔsusuwo dzi ale be míanya nusi nye eƒe susu tso nyati si me dzrom míele la ŋu.—Yes. 48:17.

4 Nya agbalẽa me nyawo nyuie. Srɔ̃ alesi nàwɔ ake ɖe gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne kuxi vovovowo do mo ɖa la ŋu. Agbalẽa dzro nya siawo tɔgbe me: nusi ŋu wòle be ame nalé ŋku ɖo ne ele amesi wòaɖe ŋu bum (ta 2), nu vevi siwo naa ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔa anyi didina (ta 3), alesi dzilawo ate ŋu ahe wo vi ƒewuiviwo be woatsi azu ame ɖota siwo vɔ̃a Mawu (ta 6), alesi nàkpɔ wò ƒomea ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me (ta 8), gɔmeɖose siwo akpe ɖe dzilaɖekaƒomewo ŋu woakpɔ dzidzedze (ta 9), gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nana ƒome siwo ŋu ahamumu kple ŋutasẽnuwɔwɔ gblẽ nu le (ta 12), nusi nàwɔ ne srɔ̃ɖeɖea me di be yeagblẽ (ta 13), nusi nàwɔ ade bubu dziwòla tsitsiwo ŋu (ta 15), kple alesi nàwɔ akpɔ wò ƒomea ƒe etsɔme mavɔ kpɔkpɔ ta (ta 16).

5 Wɔ Agbalẽ Yeyea Ŋudɔ Bliboe: Nukata miasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ɖekae le miaƒe ƒomea me ne miekpɔ srɔ̃e haɖe o? Nenema ke wòle be ɣesiaɣi si miaƒe ƒomea ado go kuxi alo nɔnɔme sesẽ yeye aɖe la, miagbugbɔ adzro agbalẽa me tanya siwo ƒo nu tso nya mawo ŋu la me, eye miade ŋugble le alesi miawɔ aɖaŋuɖoɖoawo ŋudɔe la ŋu le gbedodoɖa me. Gakpe ɖe eŋu la, nàɖo ɣeyiɣi sɔgbɔ ɖi hena gbeadzisubɔsubɔdɔa le March me ale be nàte ŋu adze agbagba ana Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ame geɖe alesi nu nàte ŋui.

6 Ƒome siwo sroa mawu ɖa asẽ le gbɔgbɔ me eye woawɔ ɖeka ahanɔ dzadzraɖoɖi be woanɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo nu. (Tim. I, 4:7, 8; Pet. I, 5:8, 9) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be míexɔ Mawu me mɔfiame tso Ƒomegɔmeɖoanyila gbɔ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe